Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana miaƒe aʋawɔnu, siwo le mia si mietsɔ le aʋa wɔm le glia godo kple Babel-fia kpakple Kaldeatɔwo, amesiwo xaxa mi ɖo la, natrɔ agbo, eye maƒo wo nu ƒu ɖe du sia titina;
Elabena Yuda-fia Zedekiya ye dee gaxɔ me gblɔ bena: Nukaŋuti nègblɔ nya ɖi be: „Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ du sia ade asi na Babel-fia, eye wòaxɔe;