Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 21:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya, enye si, esime fia Zedekiya dɔ Pasxur, Malxiya vi, kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi, ɖo ɖe egbɔ, ne woagblɔ bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Gbedeasi sia va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Fia Zedekia dɔ Pasur, Malkiya ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi ɖe egbɔ. Wogblɔ na Yeremia be,

Gade chapit la Kopi




Yeremia 21:1
20 Referans Kwoze  

Eye fia Zedekiya ɖɔ Yuxal, Selemya vi, kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi, ɖo ɖe nyagblɔɖila Yeremya, ne woagblɔ nɛ bena: Ɖe kuku na Yehowa, mia Mawu, ɖe mía ta!


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Eŋlɔ agbalẽ le wò ŋkɔ me ɖo ɖe dukɔ blibo, si le Yerusalem kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi, kpakple nunɔla wo katã bena:


Eye fia ŋu srafowo ƒe amegã kplɔ nunɔlagã Seraya kple nunɔlagã yometɔ Zefanya kpakple kpuinudzɔla etɔ̃


Eye Sefatya, Matan vi, Gedalya, Pasxur vi, kple Yuxal, Selemya vi, kpakple Pasxur, Malxiya vi, wose nya, siwo Yeremya gblɔ na dukɔ blibo la bena:


Eye Zedekiya, Yosiya vi, zu fia ɖe Xonya, Yoyakim vi teƒe; elabena Babel-fia Nebukadnezar tsɔe ɖo fia ɖe Yuda-nyigba dzii.


Adaya, Yeroxam vi, amesi nye Pasxur vi, amesi nye Malxiya vi; Maesai, Adiel vi, amesi nye Yaxzera vi, amesi nye Mesulam vi, amesi nye Mesilemit vi, amesi nye Imer vi,


Wo nɔvi, siwo le dɔ wɔm le aƒe la me la, wole ame alafa enyi kple blave vɔ eve. Adaya, Yeroxam vi, amesi nye Pelalya vi, amesi nye Amzi vi, amesi nye Zaxarya vi, amesi nye Pasxur vi, amesi nye Malkiya vi.


Yosiya viwo nye: ŋgɔgbea nye Yoxanan, evelia nye Yoyakim, etɔ̃lia nye Zedekiya, enelia nye Salum.


Eye wòkplɔ Kaldeatɔwo ƒe fia va ƒu wo, amesi wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi ɖe woƒe kɔkɔeƒe la ƒe aƒe me, eye meve ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ame tsitsiwo kple amegã ɖeɖiwo nu o; etsɔ wo katã de asi nɛ.


Eye nunɔla Zefanya xlẽ agbalẽ sia ɖe nyagblɔɖila Yeremya ƒe to me.


Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Miɖagblɔ na Yuda-fia, si dɔ mi ɖe gbɔnye be, miabia gbem ase la bena: Kpɔ ɖa, Farao ƒe aʋakɔ, si ho, be yeaxɔ na mi la, agagbugbɔ ayi wo de Egipte,


Eye fia Zedekiya dɔ ame woɖakplɔe vɛ, eye fia la biae le adza me le eƒe me gblɔ bena: Yehowa ƒe gbea ɖe lia? Yeremya ɖo ŋu be: Ẽ! Eye wògblɔ bena: Wole tsɔ wò ge ade asi na Babel-fia!


Emegbe fia Zedekiya do ame woɖakplɔ nyagblɔɖila Yeremya va Yehowa ƒe aƒe ƒe mɔnu etɔ̃lia me. Eye fia la gblɔ na Yeremya bena: Mele nya bia ge wò, megana naneke ɖem o.


Miyi ɖabia nu Yehowa ɖe tanye kple ɖe dukɔ la kpakple Yuda blibo la ta le agbalẽ, si wòfɔ lãme nyawo ŋuti; elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe, si wòdo de mía ŋuti la, nu sẽ, elabena mia fofowo meɖo to agbalẽ sia me nyawo, ne woawɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi o.


yi Yehowa ƒe me ɖe Mawu ƒe ame Yigdalya vi Xanan viwo ƒe xa, si xe ɖe amegãwo ƒe xɔ ŋu le kpuinudzɔla Salum ƒe vi Maaseya ƒe xɔ ƒe dzigbe gome la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite