Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 2:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Yehowa be: Eyata magawɔ dzre kpli mi, eye mawɔ dzre kple mia viwo ƒe viwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Yehowa be, “Eya ta megatsɔ nya ɖe mia ŋu, eye matsɔ nya ɖe mia viwo ƒe viwo ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 2:9
12 Referans Kwoze  

Ke wò la egblɔ be, yemeɖi tɔ o, eƒe dɔmedzoe fa ɖe ye ŋu vava! Kpɔ ɖa, mía kpli wò miaɖi ʋɔnu, le esi negblɔ be, yemewɔ nuvɔ̃ o la ta.


Mi towo kple anyigba ƒe agunu sesẽwo, mise Yehowa ƒe dzrenya! Elabena dzre le Yehowa kple eƒe ɖukɔ la dome, eye wòle ʋɔnu yi ge kple Israel.


Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;


Yuda-viwo kple Israel-viwo aƒo takpli, eye woaɖo tatɔ ɖeka na wo ɖokui aho aʋa atso anyigba la dzi; elabena Yezreel ƒe ŋkeke la teƒe mekɔ o.


Yehowa be: Nukaŋuti miele dzre wɔm kplim? Mi katã mieto vo ɖe ŋunye.


Do ŋku edzi nam, na míahe nya kple mia nɔewo; to wò nyawo, ne towo nadzɔ.


Yehowa tso, be yeahe nya, etsi tre ɖi va, be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo.


ekema nye ŋku anɔ ame la kple eƒomeawo ŋu, eye matsrɔ̃ ame la kple amesiwo katã dze eyome hesubɔ Molex la, le woƒe dukɔ la dome.


Ele dzi me yɔ dziƒo kple anyigba ɖa, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ.


Israel-viwo, mise Yehowa ƒe nya, Yehowa le dzre hem kple, anyigbadzitɔwo, elabena nuteƒewɔwɔ, lɔlɔ̃ kple sidzedze Mawu mele anyigba dzi o.


Yehowa le nya he ge kple Yuda, ahe to na Yakob le eƒe zɔzɔme nu, eye wòaɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite