Eye nagblɔ na wo bena: Mi Yuda-fiawo kple mi Yerusalemtɔwo, mise Yehowa ƒe nya! Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mele dzɔgbevɔ̃e he ge ava teƒe sia dzi, eye amesiwo katã see la ƒe tome laɖi yeŋ;
Tsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo la me, eye naɖe gbe ƒã nya sia gblɔ bena: Mise Yehowa ƒe nya, mi Yuda blibo la, mi amesiwo vaa agbo sia me, be miade ta agu ɖe Yehowa ŋku me.