Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ɖe dukɔa ɖe ɖɔ ti eƒe mawuwoa? Evɔ wònye menye Mawu wonye o hafi. Ke nye dukɔ ya tsɔ eƒe ŋutikɔkɔe ɖɔ li nusi mele ɖeke me o lae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Ɖe dukɔ aɖe ɖɔli eƒe mawuwo kpɔa? Evɔ menye mawuwoe wonye hafi o; gake nye dukɔ tsɔ woƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli legba maɖinuwoe.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 2:11
23 Referans Kwoze  

eye woɖɔ li Mawu magblẽmagblẽ la ƒe ŋutikɔkɔe la, bene wòaɖi ame gbegblẽ kple xeviwo kple lãfɔnewo kple nutatawo ƒe nɔnɔme.


eye wotsɔ woƒe mawuwo ɖe dzo me, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwoe, ati kple kpe wonye, eyata wotsrɔ̃ wo ɖo.


Ɖe amegbetɔ awɔ mawuwo na eɖokui, siwo menye Mawu wonye oa?


Eye wotsɔ woƒe ŋutikɔkɔe ɖɔ li nyitsu, si ɖua gbe, ƒe nɔnɔme.


Elabena ne ɖukɔ-wo katã dometɔ ɖesiaɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me hã la, míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.


Azɔ mienya le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ɖuɖu la ŋuti bena, trɔ̃a ɖeke mele xexe sia me o, eye bena, mawu bubua ɖeke hã meli o, negbe ɖeka hã koe li.


Nunɔlawo megblɔ be. Afika Yehowa le hã o. Amesiwo si me se la le la, menyam o, eye lãkplɔviwo dze aglã ɖe ŋunye, nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me, eye wodze nusiwo mele ɖeke me o la yome.


Ale Yehowa gblɔ esi: Nu manyo ka mia fofowo kpɔ le ŋunye, be wode megbe le ŋunye, eye wodze ya nuwo yome hezu tofloko?


Woƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.


Ame geɖewo le gbɔgblɔm le ŋunye be: Xɔnamea ɖeke mele Mawu gbɔ nɛ o! Sela.


Woayra wò Israel! Ameka ɖe nuwo? Dukɔ, si Yehowa ɖe, amesi nye wò akpoxɔnu kple xɔwòla, kpakple wò dziɖuɖu ƒe yi! Wò futɔwo avivi nu me na wò, ke wò la ànyã avuzi le wo dzi.


elabena mienyae bena, menye nu gbegblẽ, siwo nye klosalo alo sika la, wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso miaƒe yakanyinɔnɔ, si su mia si tso mia fofowo gbɔ la me o,


Ke ɣemaɣi, esime mienya Mawu o la, mienye nusiwo menye mawuwo tso dzɔdzɔ me o la ƒe kluviwo.


Eye wòna ŋkɔ ɖevi la bena Ikabod hegblɔ bena: Ŋutikɔkɔe dzo le Israel, elabena woxɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye toa kpakple srɔ̃a woku.


Ɖe menye miawoe nyã Yehowa ƒe nunɔlawo, siwo nye Aron viwo kple Lewi-viwo, eye mieɖo nunɔlawo na mia ɖokui abe anyigba dzi dukɔwo ene oa? Ne amesiame nya tso nyitsuvi ɖeka kple agbo adre vɛ, be woaɖo ye la, ekema wotsɔnɛ ɖoa mawu maɖimawuwo ƒe nunɔlae.


Aleke màtsɔe ake wò? Viwòwo gblẽm ɖi, woɖakpe ta ɖe gboloxɔ me.


Mibia se le dukɔwo dome be, ameka se esia tɔgbe kpo hã? Nu gbegblẽ ŋutɔŋutɔ Israel-ɖetugbi wɔ.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi miesẽ to wu dukɔ, siwo ƒo xlã mi godoo, miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye miewɔ nu ɖe nye sewo nu, ʋuu kekeke miahayi nu wɔ ge ɖe dukɔ, siwo ƒo xlã mi godoo ƒe sewo nu o la,


ne nye asi natu Israel ƒe aƒe la ƒe dzi, wo amesiwo tso woƒe legbawo katã trɔ le yonyeme.


Wotsɔ mawu bubuwo ɖe ŋuʋaʋã me, eye wotsɔ ŋunyɔnuwo do dɔmedzoe nɛ.


Wotsɔ mũ maɖimawuwo ɖe ŋuʋaʋã menye, eye wotsɔ woƒe legbawo do dziku nam. Eyata nye hã matsɔ ame maɖidukɔwo ade ŋuʋaʋã wo me, eye matsɔ dukɔ baɖawo ado dziku na wo.


Elabena wogblẽm ɖi, eye wode ta agu na Zidontɔwo ƒe mawu Astarte kple Moabtɔwo ƒe mawu Kemos kpakple Amontɔwo ƒe mawu Milkom, womezɔ nye mɔ dzi, be woawɔ nusi nyo le ŋkunye me, eye woawɔ nye ɖoɖowo kple kɔnuwo dzi abe fofoa Dawid ene o.


Ke Yehowa ƒe dɔla ƒo nu kple Eliya, Tisbitɔ la bena: Tso, naɖakpe Samaria-fia ƒe dɔlawo, eye gblɔ na wo bena: Esi Mawua ɖeke mele Israel o ta, mieyina ɖe nu bia ge Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub a?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite