Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 19:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye nagblɔ na wo bena: Mi Yuda-fiawo kple mi Yerusalemtɔwo, mise Yehowa ƒe nya! Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mele dzɔgbevɔ̃e he ge ava teƒe sia dzi, eye amesiwo katã see la ƒe tome laɖi yeŋ;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Gblɔ be, ‘Mise Yehowa ƒe nya. O mi Yuda fiawo kple Yerusalem nɔlawo, ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖo to afii! Mele gbegblẽ he ge ava teƒe sia eye ame sia ame si ase nya sia la ƒe towo me aɖi yeeŋ.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 19:3
18 Referans Kwoze  

Tete Yehowa gblɔ na Samuel bena: Kpɔ ɖa, mele nane wɔ ge le Israel, eye amesiame, si asee la, ƒe toawo kple eve me aɖi yeŋ!


eye nagblɔ na wo bena; Mi Yuda-fiawo kple Yuda blibo la kpakple mi Yerusalemtɔwo katã, mi amesiwo gena ɖe agbo siawo me la, mise Yehowa ƒe nya!


Anyigba, see! Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava dukɔ sia dzi wòanye woƒe tamesusuwo ƒe kutsetse, elabena womeɖo to nye nyawo o, eye wodo vlo nye se la.


Ne eva le yiyim la, eƒe asi axe mi kã, elabena ava yi ŋdi sia ŋdi, le ŋkeke kple zã me, eye ŋɔdzi ɖeɖe sɔŋ aɖe nya gome na mi.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.


eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo.


Gblɔ na fia kple fia srɔ̃ bena: Mibɔbɔ nɔ anyi me, elabena miaƒe atsyɔ̃fiakuku ge le mia ta!


Aƒetɔ la le wò nuɖusi me, agbã fiawo le dɔmedzoe me nyanyanya.


Elabena wò dɔlawo melɔ̃a nu le eƒe kpewo gbɔ o, eye eƒe anyiglãwo ƒe nu vea wo.


Eyata mi fiawo, mídze nunya, eye mina woaxlɔ̃ nu mi, mi anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo!


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e, siwo katã megblɔ ɖe wo ŋu la, ava du sia kple eƒe duwo katã dzi; elabena wolia ʋume goŋgoŋ hegbe nye nyawo sese.


Eyata ale Yehowa, Mawu Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi; Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e, siwo katã megblɔ ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu la, ava wo dzi, elabena meƒo nu kpli wo, ke womesee o, meyɔ wo, ke womete o.


Azɔ gblɔ na Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe mia ŋu, eye meɖo ta me ɖe mia ŋu. Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mo vɔ̃wo dzi, eye miɖo miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo ɖo.


Elabena keke ɖu, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo ke hã ŋue medze vɔ̃wɔwɔ gɔme ɖo, eye miawo miato le emea? Womagbe tohehe na mi o! Elabena meyɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


le woƒe vɔ̃, siwo wowɔ hetsɔ do dziku nam, eye woyi ɖasubɔ mawu tutu, siwo woawo loo alo miawo kple mia fofowo mienyã o, eye wodo dzudzɔ na wo la la.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, dzɔgbevɔ̃e kplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo gbɔna!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite