Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 19:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 nayi Ben-Hinom-bali me, si le zemegboa ŋgɔdze la me, eye naɖe gbe ƒã nya, siwo gblɔ ge mala na wò la le afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 ne miayi ɖe Ben Hinom ƒe Balime si te ɖe agbo si woyɔna be Zemegbo la ŋu. Le afi ma la, ɖe gbeƒã nya siwo magblɔ na wò.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 19:2
19 Referans Kwoze  

Eye liƒo la zɔ Ben-Hinom-bali la me va to Yebusitɔwo ƒe to la ŋu le dziehe, esia nye Yerusalem; eyome liƒo la zɔ to, si le Hinom-bali la nu le ɣetoɖoƒe gome la tame le Refaim-bali la ƒe mlɔenu le anyiehe gome,


Edo gu ŋunyɔƒe, si le Ben-Hinom-bali la me, be amea ɖeke magana viaŋutsu kple vianyɔnu nato dzo me na Molex o.


Wowɔ nuxeƒewo na Baal ɖe Ben-Hinom-bali la me, ne wòakɔ woƒe ŋutsuviwo kple woƒe nyɔnuviwo ŋu na Molox, nusi nyemeɖo na wo alo wòayi nye ta me va ge, be woawo ŋunyɔnu sia ahatsɔ ble Yuda ade nuvɔ̃ me o.


Eya hã na viawo to dzo me le Ben-Hinom-bali la me; esa dzo, eka afa, eye wosa akpase, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me hetsɔ do dziku ne.


Edo dzudzɔ le Ben-Hinom-bali la me, eye wòna viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.


Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o.


Miheyi, ne míatsi tre agble agbenya siawo katã na dukɔ la le mawuxɔ me.


Nusi gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔe le kekeli me, eye nusi ke Sem miele ɖe to me la, miɖe gbe ƒãe le xɔwo ta me.


Tso, nayi Niniwe, ɖu gã la me, eye naɖe gbe ƒã nya, si gblɔ ge mala na wò la nɛ.


Ale Yehowa gblɔ esi: Yi ɖatsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu, eye nagblɔ nya, siwo katã meto na wò be, nagblɔ na wo la, na Yuda-du, siwo katã va gbe do ge ɖa le Yehowa ƒe me; megana nyaa ɖeke nato le eme o.


Tete Yehowa gblɔ nam be: Ɖe gbe ƒã nya siawo katã le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe kpɔdomeewo bena: Mise nubabla sia ƒe nyawo, eye miwɔ wo dzi.


Tsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo la me, eye naɖe gbe ƒã nya sia gblɔ bena: Mise Yehowa ƒe nya, mi Yuda blibo la, mi amesiwo vaa agbo sia me, be miade ta agu ɖe Yehowa ŋku me.


Yi naɖaɖe gbe ƒã nya siawo do ɖe anyiehe gome bena: Israel dzeaglã, ale Yehowa gblɔ esi: Gatrɔ, nyemaɖo adã ɖe mia ŋu o, elabena amelɔ̃la menye, eye nyemalè nya ɖe dɔ me tegbee o, Yehowa ye gblɔe.


Yehowa gblɔ nam bena: Meganɔ gbɔgblɔm be, yemetsi o, ke boŋ afisiafi, si maɖo wò ɖo la, nayi, eye gbe, siwo katã made asiwò la, nagblɔe.


Emegbe Zadok, Imer vi, ɖɔe ɖo le eƒe aƒe kasa; eya yome Semaya, Sexanya vi, si nye ɣedzeƒegbo la nudzɔla ɖɔe ɖo.


Tso, nayi zemela ƒe me, afima mana nase nye nyawo le.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite