Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 19:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ale Yehowa gblɔ esi; Yi naɖaƒle ze le zemela si, eye naɖe dukɔ la ƒe ame tsitsiwo kple nunɔlawo ƒe ame tsitsiwo akpe ɖe ɖokuiwò ŋu

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Yi ɖaƒle ze le zemela si; kplɔ dumegã kple nunɔla tsitsi aɖewo ɖe asi,

Gade chapit la Kopi




Yeremia 19:1
20 Referans Kwoze  

Aleke Zion ƒe vi vevi, siwo wobuna abe sika ene la, sɔ kple sonugaglɛ, si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ?


Eye woagbã wo, abe alesi zemela ƒe ze gbãna gudugudu, ale be sonu gaglɛa ɖeke menɔa gbagbã la me, si woatsɔ aɖe dzo le adokpo me, alo woatsɔ aɖu tsii le vudo me o la ene.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Ƒo Israel-ame tsitsi blaadreawo, amesiwo nènya be, wonye ame tsitsiwo le dukɔ la dome, eye wonye wo dzikpɔlawo la, nu ƒu, eye nakplɔ wo ava Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, eye woatsi tre ɖe gbɔwò le afima.


Ke kesinɔnu sia le mia si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ woatso o;


Eye wòdo Elyakim, amesi le aƒea nu, kple Sebna, agbalẽŋlɔla, kpakple nunɔlawo ƒe ame tsitsiwo, amesiwo ta akpanya la, ɖo ɖe nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi gbɔ,


Ke esi ŋu ke la, nunɔlagãwo kple dumegãwo katã de adaŋu le Yesu ŋuti, bena yewoawui;


Tete nunɔlagãwo kple dumegãwo va kpe ta ɖe nunɔlagã, si ŋkɔ nye Kayafa la, ƒe mɔ̃ la me;


Miwu amegã ɖeɖiwo, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ɖeviwo kple nyɔnuwo, ne miatsrɔ̃ wo; ke migade asi amesiwo katã ŋu dzesi le la ŋuti o, eye midze egɔme tso nye kɔkɔeƒe la gbɔ! Tete wodze egɔme ɖe ame tsitsi, siwo le aƒea ŋgɔ la ŋu


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Tsɔ agbalẽ siawo, asinyigbalẽ, si nu wotre kple esi le ʋuʋu la siaa de ze me, ne woanɔ anyi eteƒe nadidi.


Eye ŋutsuwo tsi tre tso anyigba la ƒe ame tsitsiwo dome gblɔ na dukɔ la ƒe takpekpe blibo la bena:


Eye esi wòva mía gbɔ la, etsɔ Paulo ƒe alidziblanu hebla ye ŋutɔ ƒe afɔwo kple asiwo gblɔ bena: Ale Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ esi: Ale Yudatɔwo abla ŋutsu, alidziblanu sia tɔ, le Yerusalem enye si, eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo.


Wò amevi, tsɔ anyikpe ɖo ŋkuwò me, eye nata Yerusalem-du la ɖe edzi;


Ble Yehowa gblɔ nam enye si: Yi naɖaƒle aklala lidziblanu, eye natsɔe abla ali dzii, ke megana woade tsi me o.


Wò amegbetɔvi, tso yi ɖaɖɛ wo talũhɛ, ne natsɔ alũ wò ta kple wò ge, eye natsɔ nudanu amã ɖawo mee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite