Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 15:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ale Yehowa gblɔ esi: Maɖo nu ene ƒomevi ɖe wo ŋu: Yi, ne wòawu wo, avũ wo, ne woahe wo dranyidranyi, dziƒoxewo kple gbemelãwo, ne woaɖu wo, eye woatsrɔ̃ wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Yehowa be, “Maɖo nugblẽla ƒomevi ene ɖe wo: yi be wòawu ame, avu be wòahe wo adzoe, dziƒoxeviwo kple anyigbadzilã wɔadãwo be, woavuvu wo eye woatsrɔ̃ wo.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 15:3
21 Referans Kwoze  

Wò ame kukuwo anye nuɖuɖu na dziƒoxe dzodzoewo katã kple anyigba dzi lãwo, eye amea ɖeke manyã wo ɖa o.


Maɖo lã wɔadãwo ɖe mia dome; eye woaɖe viwo le mia ŋu, eye woatsrɔ̃ miaƒe aƒemelãwo; miaƒe xexlẽme azu sue, eye miaƒe mowo ato gbe.


ekema nye hã mawo nu siawo mi, eye vovɔ̃ alé mi: Kpetri kple asrã ana miaƒe ŋkutome anyẽ ɖe me, eye miagbɔdzɔ: yakatsyɔ miaƒã nukuwo, elabena miaƒe futɔwo ava ha wo.


Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ hẽa ɖe, eye amesi ɖoe la, ƒe ŋkɔe nye Ku, eye tsiẽƒe le eyome. Eye wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe akpa enelia dzi, be woatsɔ yi kple dɔwuame kple ku kpakple anyigba dzi lãwo awu amewoe.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ke ne meɖo yi, dɔwuame, lã wɔadã kple dɔvɔ̃, siwo nye nye tohenu vɔ̃ɖi eneawo ɖa ɖe Yerusalem ŋu, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le eme la,


Maɖo yi de mia dome, bena woabia hiã de nubabla la ta, eye ne miesi aʋa yi de miaƒe duwo me la, ekema maɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome, eye matsɔ mi ade asi na miaƒe futɔwo.


Dukɔ sia ƒe kukuawo azu nuɖuɖu na dziƒoxewo kple anyigba dzi lãwo, eye womanyã wo o.


Woagblẽ wo katã ɖi na to dzi xe ƒonuwo kple anyigba dzi lãwo; xe ƒonuwo anɔ wo dzi le dzomeŋɔli, eye anyigba dzi lãwo katã anɔ wo dzi le vuvɔŋɔli.


Aƒetɔ la gblɔ be: Makplɔ wo atso Basan, eye makplɔ wo atso atsiaƒu gɔme,


Ɖe menye xe ƒonu ŋɔŋɔe enye nye domenyinu nam oa? Ɖe xe ƒonuwo meƒo xlãe godoo oa? Miɖaƒo gbemelãwo katã nu ƒu, ne woava ɖu nu!


Eye dɔwuame kple yi atsɔ amesiwo wole nya gblɔm ɖi na la aƒu Yerusalem-kpɔdomeewo, eye womaɖi wo o, woawo kple wo srɔ̃wo, woƒe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa, eye matrɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ akɔ ɖe wo dzi.


Dɔvɔ̃ awu wo, womafa na wo o, womaɖi wo o, eye woanye gbeɖuɖɔ ɖe anyigba dzi; yi kple dɔwuame atsrɔ̃ wo, eye woƒe kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxewo kple gbemelãwo.


Ekplɔm trae, eye wòvuvum hetsɔ wɔ nu dziŋɔe.


Eyata gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Meta ɖokuinye ƒe agbe: Amesiwo le glikpo dzi la, atsi yi nu, matsɔ amesiwo le gbe me la, ana gbemelãwo woaɖu, eye amesiwo le mɔ̃ sesẽwo kple agatowo me la, aku ɖe dɔvɔ̃ si me.


Ele abe ŋutsua ɖe, si si le dzata nu, eye sisiblist va do goe, eye esi wògbɔ va aƒe hetsɔ asi ziɔ ɖe gli ŋu la, da ɖui la ene.


Dɔ awu wo aɖi tsi de wo ŋu, eye asrã kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo; madɔ lãwo ƒe aɖu kple nutata, siwo tana le ké me la, ƒe aɖi ɖe wo ŋu.


Ne wotsi nu dɔ la, nyemase woƒe konyifafa o, eye ne wosa numevɔ kple nuɖuvɔ la, madze ŋunye o; boŋ matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wòe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite