Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 12:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke wò, Yehowa, edze sim, èkpɔm, eye nedo nye dzi kpɔ le ɖokuiwò gbɔ. He wo ɖawu abe alẽwo ene, eye naɖo wo ɖi hena wuwugbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Oo, Yehowa, ke wò la ènyam, èkpɔm eye nèdo nye susuwo kpɔ tso ŋutiwò. Eya ta he wo abe alẽwo ene nàkplɔ yi wuwuƒee! Ɖe wo ɖe aga hena wuwuŋkeke la!

Gade chapit la Kopi




Yeremia 12:3
23 Referans Kwoze  

Ŋu nekpe yonyemetilawo, ke nye la, ŋu megakpem o, dzi neɖe le wo ƒo, ke dzi megaɖe le nye ya ƒo o. He dzɔgbevɔ̃eɣi va wo dzi, eye nagbã wo gudugudu agagbã wo ɖe dzi!


Oo Yehowa, ɖo ŋu, alesi mezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzi blibo me, kple alesi mewo nusi nyo le ŋkuwò me la. Eye Xizkiya fa avi kple ɣli.


Mieɖu nu vivi le anyigba dzi, eye miewɔ fewunuwo, mienyi miaƒe dziwo de wuwugbe la.


Eɖo nye dzi kpɔ, eye nèɖe ŋku dem le zã me; èlólom, eye mèkpɔ naneke le ŋunye o; eye susu vɔ̃ɖiwo medona le nunye o.


Miwu woƒe nyitsuwo katã, mikplɔ wo yi wuƒee. Baba na wo, elabena woƒe toheɣi ɖo.


Mawu, dzro menye, eye nadze si nye dzi, dom kpɔ, eye nadze si nye susuwo!


Dawid tɔ. Tso afia nam, Yehowa, elabena fɔɖiɖi mele nye zɔzɔme ŋu o, eye meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, nyemeʋã o!


Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.


ne ame tsiaʋawo nanɔ Kaldea-nyigba dzi, eye amesiwo woda nui lã, nanɔ woƒe ablɔwo me.


Fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot la be: Moab kple eƒe duwo gblẽla gbɔna xoxo, eye eƒe ɖekakpui tiatiawo yina ɖe amewuƒe.


Wò Yehowa Zebaot, amesi doa ame dzɔdzɔe la kpɔna, eye nèɖea ŋku de ayiku kple dzi la, na makpɔ wò hlɔ̃biabia ɖe wo ŋu, elabena asiwò me metsɔ nye nya de?


Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.


Yehowa enye dukɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃lã. Drɔ̃ ʋɔnum, Yehowa, de nye dzɔdzɔenyenye kple fɔmaɖimaɖi, si le ŋunye la nu!


Elabena edze si nye mɔ nyanyɛ la, eye ne adom akpɔ la, matsi anyi abe sika ene.


Nye Mawu, menyae be, wòe dzroa dziwo me kpɔna, eye dzimekɔkɔ nyoa ŋuwò. Nye dzime ko mena nusiawo katã faa; eye azɔ mekpe wò dukɔ, si le afisia kple dzidzɔ, be wona nu wò faa.


Ke amesiawo le abe lã nyasã manɔsitɔ, siwo wodzi hena lelé kple tsɔtsrɔ̃ le woƒe dzɔdzɔme nu la ene: Wogblɔa busunya le nya, siwo womenya kura o la me, eye woatsrɔ̃ hã le woƒe gbegblẽ la me,


Yehowa, ènyae, ɖo ŋku dzinye, eye naɖe ŋku ɖe ŋunye, netsɔ nabia hlɔ̃ yonyemetilawo nam; megawɔ nu ɖewo dzigbɔgbɔ blewu la nu o; tso nam, eye nanyae be, tawòe ŋukpe le dzinye ɖo.


Nyemegbe be, maganye lãkplɔvi le yowome o, eye ŋkeke vɔ̃e la medzrom o, wò ŋutɔ ènyae; nya, si do tso nye nuyi me la, nɔ nyanya na wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite