Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 12:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ede woƒe agunu to, eye wòto ke, wotsi, eye wotsea ku hã. Etsɔ de woƒe nu gbɔ, ke èle adzɔgedzɔgee na woƒe dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Èdo wo, woto ke eye wotsi hetse ku. Wò ŋkɔ le nu na wo gake woƒe dziwo le adzɔge tso gbɔwò.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 12:2
15 Referans Kwoze  

Eyata ale Aƒetɔ la gblɔ esi: Esi dukɔ sia te va kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nuyiwo de bubu ŋunye, ke woƒe dzi le adzɔge tso gbɔnye, eye woƒe vɔvɔ̃ nam nye amegbetɔwo ƒe ɖoɖo, siwo wosrɔ̃ ko la,


Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.


„Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.


Yehowa Zebaot, amesi ɖe wò aganu to la, ɖo vɔ ɖe ŋuwò le Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe ƒe vɔ̃ɖi, si wowɔ hedo dzudzɔ na Baal, ne woatsɔ ado dziku nam la ta.


Woava akpe ta ɖe gbɔwò, eye woabɔbɔ nɔ ŋkuwò me abe nye dukɔ ene ahase wò nyawo, ke womawɔ wo dzi o, hafi boŋ anɔ ŋɔnɔe le nu me na wo, eye woƒe dzi adze viɖe yome.


Ale nagblɔ nɛ enye si: Yehowa be: Nusi nye ŋutɔ metu la, magbãe aƒu anyi, eye nusi medo la, mahoe ɖa, anyigba blibo la dzi wòava;


Eɖo ŋu na wo bena: Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mi alakpatɔwo ŋuti, abe alesi woŋlɔe ɖi ene bena: „Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.


Ke to esiawo katã gbɔ hã nɔvianyɔnu Yuda dzego la metrɔ ɖe ŋunye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu, Yehowa ye gblɔe!


Mekpɔ bometsilaa ɖe do ke; tete wònyunyɔ ɖe enɔƒe enumake.


Mekpɔ ame vɔ̃ɖia ɖe le ɖadzra ɖam, eye wòvu eɖokui ɖranyi abe ati dodo, si vu ke la ene.


Wò amesi ƒe ŋkuwo dza, be màte ŋu akpɔ nu yɔ̃ɖi wɔwɔ o, eye màte ŋu alé ŋku ɖe hiãkame ŋu o, nu kaŋuti nèle ame tovo kpɔm kpleŋku, eye nèzi kpi, ne ame vɔ̃ɖi mi amesi nye ame dzɔdzɔe wui la?


Kudɔƒolawo le ŋeŋem le duwo me, eye amesiwo woɖa nui la, le ɣli dom, gake Mawu melé ŋku ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ la ŋu o.


Womedo ɣli nam le woƒe dzi me o, ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi; wova kpe ta le bli kple aha yeye ta, eye wotrɔ nu le yonyeme.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite