Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 10:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Wo katã wodzɔ lã, eye wòzu bometsilawo; wohe to na legbawo, ati wonye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Wo katã wonye susumanɔsitɔwo kple numanyalawo. Aklamakpakpɛ si mele ɖeke me o lae nye woƒe nufiala.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 10:8
16 Referans Kwoze  

Elabena aklama kpakpɛwo gblɔa nya maɖinyawo, eye hokɔnɔwo kpɔa alakpaŋutegawo, wolĩa drɔ̃e, siwo mele ɖeke me o, eye woƒe akɔfaname la toflokoe; eyata woanɔ tsa glãla tsam abe alẽwo ene, eye fu awɔ wo, elabena lãkplɔvla ɖeke meli o.


Amegbetɔwo katã dzɔa lã le woƒe nunyanya me, eye ŋukpe léa legbakɔlawo katã, elabena alakpa enye nusi wokɔna, eye gbɔgbɔa ɖeke menɔa eme o.


Viɖe ka nye aklama kpakpɛ be, ekpala kpae, eye viɖe ka nye legba kɔkɔ kple alakpanufiala be, legbamela le dzi ɖom ɖe eƒe legba ŋu, esi wòwɔ legba maƒonuwo?


Amea ɖeke mebua ta me, eye wòkpɔ sidzedze kple gɔmesese o, ne wòagblɔ be: Metsɔ afã do dzoe, meƒo abolo ɖe eƒe akawo dzi, eye metɔ lã ɖu tso; ɖe matsɔ mamlea awɔ ŋunyɔnui, eye ɖe maɖo gbe na atikpoa?


Kpɔ ɖa, wo katã mele ɖeke me o, nu dzodzroa enye woƒe dɔwɔwɔ, ya kple tofloko enye woƒe legbawo.


Amesiwo wɔ wo kple amesiwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la, di woamawo.


Amesiwo wɔa wo kple amesiwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la, sɔ kpli wo.


Elabena nye dukɔ dzɔ lã, womedze sim o; vi tsibomewo wonye, eye Womenya nu o; nunyalawo wonye le vɔ̃ɖiwɔwɔ me, ke nyuiwɔwɔ la, womedzea si eya o.


amesiwo le gbɔgblɔm na ati be: Wòe nye mía fofo, eye na kpe be: Wòe dzi mí. Elabena wòtrɔ ʋume dem, eye menye ŋku me o; ke wole gbɔgblɔm le woƒe hiãɣi be: Tso naɖe mí!


Nye dukɔ le gbe biam eƒe atiwo, eye eƒe atizɔti tea nya nɛ. Elabena ahasiwɔgbɔgbɔ kplɔ wo trae, wowɔ ahasi, eye wotrɔ le woƒe Mawu yome.


Womenyaa nu o, eye womedzea si nu o, elabena woƒe ŋku nye tre mele nu kpɔm o, eye woƒe dzi mele nu gɔme sem o.


Eye wòva me be, wotsɔ woƒe ahasiwɔwɔ ƒe howɔwɔ gblẽ kɔ ɖo na anyigba la, eye wowɔ ahasi kple kpe kpakple ati.


Nyea mebu be: Amesiawo, ame dahewoe, wodzɔ lã, elabena Womenya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu ƒe se la o.


Esi nu te nye luʋɔ ŋu le menye la, meɖo ŋku Yehowa dzi, eye nye gbedoɖoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kokoe la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite