Gbeɖe tsɔa gayibɔ tua fiae, ewɔa eŋu ɖɔ le dzoka xɔxɔ me, etsɔa zu tunɛ, eye wòtsɔa eƒe alɔkpa sesẽ wɔa ɖɔ le eŋu; ne dɔ va wui la, ekema ŋusẽ vɔna le eŋu, ne meno tsi o la, ekema eƒe lãme tuna.
Baba na amesi lé gbɔgblɔm na ati be: Nyɔ! eye na kpe maƒonu be: Fɔ! Ɖe wòate ŋu afia nu amea? Kpɔ ɖa, sika kple klosalo wotsɔ fa ɖe eŋu, eye gbɔgbɔ ku ɖeka hã mele eme o.