Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 10:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena dukɔwo ƒe ɖoɖowo la, nu dzodzroe. Ati wònye wotso le ave me, eye aɖaŋua tsɔ fiavi wɔ eŋu dɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Dukɔ siawo ƒe kɔnyinyiwo nye yaka. Wotsoa ati le ave me eye atikpala tsɔa hɛ kpanɛ kple aɖaŋu.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 10:3
17 Referans Kwoze  

Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, bena miagawɔ kɔnu gbegblẽ, siwo wowɔ le mia ŋgɔ la, ahado ŋunyɔ mia ɖokui o Nyee Yehowa, mia Mawu!


elabena mienyae bena, menye nu gbegblẽ, siwo nye klosalo alo sika la, wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso miaƒe yakanyinɔnɔ, si su mia si tso mia fofowo gbɔ la me o,


Eyata esi wònye wonya Mawu hafi, gake womekafunɛ abe Mawu ene o, ke boŋ woƒe tamesusuwo zu yaka, eye woƒe dzi masenugɔmewo do viviti la.


Wo katã wodzɔ lã, eye wòzu bometsilawo; wohe to na legbawo, ati wonye.


Ke ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyatsinyatsi abe trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobu xa bena, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ŋuti la woaɖo to yewo.


Mi dukɔwo ƒe ame sisiwo, miƒo ta kpli, eye miva, mi katã milé va! Ame manyanuwo wonye, amesiwo lé woƒe aklama kpakpɛ tikpowo ɖe la, eye wole gbe dom ɖa na mawu, siwo meɖea ame o.


Ale Yehowa gblɔ esi: Nu manyo ka mia fofowo kpɔ le ŋunye, be wode megbe le ŋunye, eye wodze ya nuwo yome hezu tofloko?


Eye miekpɔ, eye miese hã bena, menye Efeso ɖeɖeko o, ke boŋ Asia blibo la katã kloe, Paulo sia ƒoe ɖe ameha geɖewo nu, eye wòtrɔ woƒe tame le gbɔgblɔm bena, esiwo wowɔ kple asiwo la, womenye mawuwo o.


Woƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.


Eye madrɔ̃ ʋɔnu kpli wo le woƒe vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã ta, le esi wogblẽna ɖi eye wodo dzudzɔ na mawu tutɔwo, eye wode ta agu na woƒe asinudɔwɔwɔwo ŋuti.


Ɖe tsinala le dukɔwo ƒe trɔ wo domea, eye ɖe dziƒo ate ŋu ana tsi nadza? De menye wò Yehowa ye nye mía Mawu oa? Asiwò nu kpɔm miele, elabena wòe wɔ nusiawo katã!


Yehowa, wòe nye míaƒe ŋusẽ, míaƒe mɔ̃ sesẽ kple míaƒe sitsoƒe le hiãɣi! Dukɔwo atso anyigba ƒe mlɔeanuwo ava gbɔwò agble bena: Alakpa ɖeɖe sɔŋ mía fofowo tso nyi domee, toflokowo wonye, eye womele ɖeke me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite