Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Yehowa gblɔ nam bena: Meganɔ gbɔgblɔm be, yemetsi o, ke boŋ afisiafi, si maɖo wò ɖo la, nayi, eye gbe, siwo katã made asiwò la, nagblɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègagblɔ be, ‘Ɖevi ko menye’ o. Ele na wò be nàyi ame sia ame si gbɔ medɔ wò ɖo eye nàwɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò.

Gade chapit la Kopi




Yeremia 1:7
20 Referans Kwoze  

Eye Mawu va Bileam gbɔ le zã me gblɔ nɛ bena: Nenye yɔ wò ge ŋutsu siawo va la, ekema fɔ, ne nayi kpli wo; gake alesi magblɔ nawò la, nenema ko nawɔ.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Ke ne maƒo nu kpli wò la, maʋu nu na wò, eye nagblɔ na wo bena: „Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi.“ Amesi see la, nesee; amesi gbe la, negbe; elabena ƒome sẽto wonye.


Tete Mixa gblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye nya, si nye Mawu ato nam la, magblɔ o fi!


Mixa ɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe. Ne menye nya, si Yehowa alo nam la, magblɔ o fi!


Bileam ɖo ŋu na Balak bena: Menya va gbɔwò la hafi, gake ɖe mate ŋu agblɔ nyaa ɖea? Negbe nya, si Mawu aɖe nunye la, eya ko magblɔ.


Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o.


Azɔ Yehowa, nye Mawu, etsɔ wò dɔla ɖo fiae ɖe fofonye Dawid teƒe, ke ɖevi sue menye, eye nyemenya alesi madoe alo gbɔe o!


Ne ègblɔ nya siawo katã na wo la, womasee na wò o, eye ne èyɔ wo la, womatɔ na wò o.


ke boŋ gblɔ nye nyawo na wo, wosee o, womeɖasee o; elabena ƒome sẽto wonye.


Ke Yehowa ɖem le lãhawo yome, eye Yehowa gblɔ nam bena: Yi ɖagblɔ nya ɖi ɖe nye dukɔ Israel ŋu.


Yehowa gblɔ na Mose bena: Nyee nye Yehowa! Yi ɖagblɔ nya, siwo katã magblɔ na wò la, na Farao, Egipte-fia.


Ale Yehowa gblɔ esi: Yi ɖatsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu, eye nagblɔ nya, siwo katã meto na wò be, nagblɔ na wo la, na Yuda-du, siwo katã va gbe do ge ɖa le Yehowa ƒe me; megana nyaa ɖeke nato le eme o.


Esi Yeremya wu Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nya, siwo katã Yehowa, woƒe Mawu, de asi nɛ ɖo ɖe wo la gbɔgblɔ na dukɔ blibo la nu vo la,


Tso, nayi Niniwe, ɖu gã la me, eye naɖe gbe ƒã nya, si gblɔ ge mala na wò la nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite