Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 1:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Hafi mava mè wò ɖe ɖɔ me la, menya wò, mekɔ ŋuwò, hafi nèdo tso dɔ me, eye metsɔ wò ɖo nyagblɔɖilae na dukɔwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 “Hafi mava me wò ɖe dawò ƒe dɔ me la, menya wò; hafi woava dzi wò la, mekɔ ŋutiwò da ɖi eye meɖo wò Nyagblɔɖilae na dukɔwo.”

Gade chapit la Kopi




Yeremia 1:5
26 Referans Kwoze  

Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ ŋkeke, siwo katã ava emegbe, siwo dometɔa ɖeke meli haɖe o la, ɖe wò agbalẽ me.


Mi ƒukpowo, miɖo tom, mi adzɔge dukɔwo, miƒu to anyi! Yehowa yɔm tso dɔ me ke, eye wòyɔ ŋkɔnye tso danye ƒe do me ke.


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


Azɔ ale Yehowa, amesi mèm tso dɔ me ke hewɔ eƒe dɔlae, ne wòakplɔ Yakob agbɔe, eye wòaƒo Israel nu ƒu la gblɔ nam esi; elabena bubu le ŋunye le Yehowa ŋku me, eye nye Mawu enye nye ŋusẽ.


Ale Yehowa, wɔwòla kple mèwòla tso dɔ me ke, amesi li kpli wò la, gblɔ esi: Nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Yesurun, megavɔ̃ o!


Eye wòva me bena, esi Elisabet se Mana ƒe gbedoname ko la, via ho le eƒe dɔ me; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elisabet fũ,


Ke wò, ɖevi la, woayɔ wò be dziƒoʋitɔ ƒe nyagblɔɖila; elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ, be nadzra eƒe mowo ɖo,


Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Mawɔ nya, si negblɔ la hã dzi, elabena meve nuwò, eye menya wò kple wò ŋkɔ.


Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu, nalã nu, eye nagbã nu, natsrɔ̃ nu, eye nagblẽ nu, natso aƒe, eye naƒã nu!


Eye Mose gblɔ na Yehowa bena Kpɔ ɖa, woe gblɔ nam bena: kplɔ dukɔ sia, gake mena, menya, amesi nedo kpe ɖe ŋunye o, wò, ye egblɔ bena menya wò kple wò ŋkɔ, eye meve nuwò hafi.


Elabena anye gã le Aƒetɔ la ŋku me, eye mele wein alo aha sesẽ no ge o, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũ tso keke dadaa ƒe dɔ me ke.


Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, si woyɔ, eye wotia hena Mawu ƒe nyanyuie,


Ke wo ɖela sesẽ, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot. Adrɔ̃ woƒe nya ade goe, ne wòana gbɔdzɔe anyigba, eye wòaɖe zi Babeltɔwo me.


eye wòtsɔ nuwo katã de eƒe alo te, eye wòtsɔ eya ke ɖo nuwo katã ƒe ta hena hame,


amesi Fofo la wɔ kɔkɔe, eye wòdɔ ɖo ɖe xexea me la, eyama ŋuti mia wo miele gbɔgblɔm le bena: Ebɔ busu, esi mebena: Mawuvi menye mahã?


Ke ne amea ɖe lã Mawu la, ekema Mawu dze si eyama.


Nye ƒuwo meɣla ɖe wò, esime wowɔm le ɣaɣlaƒe, eye wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me le anyigba ƒe gogloƒe o.


Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be:


Eye mana nye nya, siwo katã megblɔ ɖe anyigba ma ŋu la, nava edzi; nya, siwo katã Yeremya gblɔ ɖi ɖe dukɔwo katã ŋu woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la.


Tsɔ agbalẽ naŋlɔ nya, siwo katã megblɔ na wò ɖe Israel kple Yuda kpakple dukɔwo katã ŋu tso esime mede asi nuƒoƒo me kpli wò tso Yosiya ŋɔli vaseɖe egbe la, ɖe eme.


Aɖi ŋutsu, si he dzidzɔnya vɛ na fofonye be, wodzi ŋutsuvi ne, eye wòdo dzidzɔ nɛ ŋutɔ la ŋu kpekpekpe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite