Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 1:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Yehowa gblɔ nam bena: Ekpɔe ɖe eteƒe; elabena manɔ ŋute ɖe nye nya ŋu, ne mawɔe ade goe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Yehowa ƒe nya va nam be, “Èkpɔe tututu, elabena manɔ ŋute akpɔ egbɔ be nye nya va eme.”

Gade chapit la Kopi




Yeremia 1:12
15 Referans Kwoze  

Eyata gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nye nyawo katã maganɔ anyi eteƒe nadidi o. Nya, si megblɔ la, ava me, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Elabena Yehowa menye, nya, si gblɔm mele la, ava me, eye manɔ anyi eteƒe nadidi o; mi ƒome sẽto, mia ŋɔlie mawɔ nya, si mele gbɔgblɔm la dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eye wògblɔ nɛ bena: Eɖo ŋu nyuie; wɔ esia, eye nakpɔ agbe.


Eye wògblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu be: Kutsetse ɖiɖi kusi taŋ. Tete Yehowa gblɔ nam bena: Nye dukɔ Israel ɖiɣi ɖo, nyemagatsɔe akee azɔ o.


Ke wò la tsi gbɔnye afisia, ne magblɔ seawo katã kple ɖoɖoawo kpakple kɔnuawo, esiwo nafia wo la, na wò, bena woawɔ wo dzi le anyigba, si matsɔ na wo wòanye wo tɔ la dzi.


Tanye enye hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo le gbesigbe woƒe afa ada; elabena woƒe gbegblẽɣi le aƒe tum, eye nusi woɖo ɖe wo ŋu la, le edzi ɖo ge kaba.


Yehowa gblɔ nam be. Wògblɔe ɖe eteƒe.


Eye agbalẽfialawo dometɔa ɖewo xɔ edzi gblɔ bena: Nufiala, ègblɔe nyuie.


Eye alesi menɔ ŋute ɖe wo ŋu, be mala wo, maho wo, magbã wo, magblẽ wo, eye matsrɔ̃ wo la, nenema manɔ ŋudzɔ ɖe wo ŋu, be matso wo, eye made woƒe agunu to, Yehowa ye gblɔe.


Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye zi evelia bena: Nuka kpɔm nele? Meɖo ŋu bena: Mele ze, si le fiefiẽm la kpɔm, wòtrɔ ŋgɔ dze anyiehe.


nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.


Eye Yehowa gblɔ nam be: Yeremya, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu be. Gbotsetsewoe; gbotsetse nyuitɔwo nyo ŋutɔ, eye gbegblẽawo gblẽ vevie, ale be ɖuɖu mele wo ŋu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite