Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yeremia 1:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu, nalã nu, eye nagbã nu, natsrɔ̃ nu, eye nagblẽ nu, natso aƒe, eye naƒã nu!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Kpɔ ɖa, egbe meɖo wò nyagblɔɖilae na dukɔwo kple fiaɖuƒewo be nàho nu, avuvu nu, agblẽ nu, amu nuwo aƒu anyi, nàtso aƒe, eye nàdo nu.”

Gade chapit la Kopi




Yeremia 1:10
29 Referans Kwoze  

Eye alesi menɔ ŋute ɖe wo ŋu, be mala wo, maho wo, magbã wo, magblẽ wo, eye matsrɔ̃ wo la, nenema manɔ ŋudzɔ ɖe wo ŋu, be matso wo, eye made woƒe agunu to, Yehowa ye gblɔe.


Eye dukɔ mamlea, siwo ƒo xlã mi godoo la, adze sii bena, nye Yehowa ye tso du, siwo wogbã ƒu anyi, eye mede anyigba, si nye gbegbe la; nye Yehowa ye ƒo nu, eye mawo edzi hã.


Matsɔ nye ŋku aɖo wo ŋu hena nyuiwɔwɔ, eye mana woatrɔ agba va anyigba sia dzi, matu wo, eye nyemagbã wo o, mado wo, eye nyemaho wo o.


Le ɣemaɣi la mafɔ Dawid ƒe agbadɔ gbagbã la de tsitrenu, eye matre eƒe gbagbãƒewo, mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye matui abe tsã ene;


Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.


Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa?


Amevi, fa na Egipte ƒe ame gbogboawo, eye mia kple dukɔwo ƒe ŋusẽtɔwo ƒe nyɔnuviwo mido wo de tsieƒe ɖe amesiwo yi aʋli me la gbɔ!


Eye nusi mekpɔ la, le abe esi mekpɔ, esime meva dua gblẽ ge la ene, eye nɔnɔmeawo le abe esiwo mekpɔ le Kebar-tɔsisi la nu ene. Tete metsyɔ mo anyi.


Eye wòava me be, amesi ke asi le Xazael ƒe yi nu la, Yehu nawui, eye amesi ke asi le Yehu ƒe yi nu la, Elisa nawui.


Eye Eliya, Tisbitɔ, si tso Gilead ƒe amedzrowo dome, gblɔ na Axab bena: Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe. Zãmu kple tsi madza le ƒe siawo me o, negbe nye koe agblɔe hafi!


Hafi mava mè wò ɖe ɖɔ me la, menya wò, mekɔ ŋuwò, hafi nèdo tso dɔ me, eye metsɔ wò ɖo nyagblɔɖilae na dukɔwo.


Eye mana nye nya, siwo katã megblɔ ɖe anyigba ma ŋu la, nava edzi; nya, siwo katã Yeremya gblɔ ɖi ɖe dukɔwo katã ŋu woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la.


Eye ame kuku balime, dzowɔ balime blibo la kpakple agblewo katã ɖake ɖe Kidron-tɔʋu la nu vaseɖe sɔgbo la ƒe dzogoe dzi anɔ kɔkɔe na Yehowa; womagagblẽe azɔ o, eye womagagbãe aƒu anyi akpɔ gbeɖe o.


Tsɔ agbalẽ naŋlɔ nya, siwo katã megblɔ na wò ɖe Israel kple Yuda kpakple dukɔwo katã ŋu tso esime mede asi nuƒoƒo me kpli wò tso Yosiya ŋɔli vaseɖe egbe la, ɖe eme.


Kpɔ ɖa, mele ŋu te ɖe mia ŋu hena vɔ̃wɔwɔ, menye hena nyui o, eye yi kple dɔwuame atsrɔ̃ Yuda-ŋutsu, siwo katã le Egipte-nyigba dzi la, vaseɖe esime wo nu ayi.


Ale nagblɔ nɛ enye si: Yehowa be: Nusi nye ŋutɔ metu la, magbãe aƒu anyi, eye nusi medo la, mahoe ɖa, anyigba blibo la dzi wòava;


Ke wò amevi, gblɔ nya ɖi, eye naƒo asi kpoloe, elabena yi la adzi ɖe edzi zi eve kple zi etɔ̃; amewuyie, amewuyi gã lae aɖe to ɖe wo.


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Amevi, ɖe nèbe, yeadrɔ̃ ʋɔnu Ohola kple Oholiba? Ekema ɖe woƒe ŋunyɔnuwo fia wo.


Eyata meƒo wo to nyagblɔɖilawo dzi, metso nyee numenyawo wu woe, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ adze abe kekeli ene.


amewuɣi li, eye gbeɖaɣi li; xɔgbãɣi li, eye etuɣi li;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite