Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 5:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Nɔviwo, migaɖu tse de mia nɔewo ŋuti o, bene womagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; kpɔ ɖa, ʋɔnudrɔ̃la la le tsitre ɖe ʋɔtru la nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Nɔviwo, migalĩ liʋĩliʋĩ le mia nɔewo ŋu o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi. Ʋɔnudrɔ̃la la ƒe afɔ le ʋɔtru la nu.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 5:9
21 Referans Kwoze  

Megawɔ wɔɖenui o, eye megalé dɔmedzoe, si wò dukɔ me viwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Nyee nye Yehowa!


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Nɔviwo, migadzu mia nɔewo o! Amesi ke dzua nɔvia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnui la, edoa vlo se la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu se la. Ke ne edrɔ̃ ʋɔnu se la la, menye se la dziwɔla o, ke boŋ se la ƒe ʋɔnudrɔ̃la nènye.


nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo katã la, midze sii bena, egogo agbo la nu.


Milɔ̃ amedzrowɔwɔ na mia nɔewo, eye liʋiliʋilili naganɔ me o.


Alo menye ale wòle oa? Ne èwɔ nyui la, wò ŋku me akɔ, ke ne mèwɔ nyui o la, ekema nuvɔ̃ de xa ɖe ʋɔtru nu, eye wòɖo tamea ɖe ɖe ŋuwò; ke wò la ɖu edzi!


Miganɛ míaƒe ŋkuwo nabia le bubu dzodzro ŋuti o, ne míagadi ge le mia nɔewo ŋu, eye miaƒe nu nagave dɔme na mía nɔewo o.


amesiawo abu akɔnta na amesi su te, bena yeadrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo la.


Elabena wowu se blibo la katã nu le nya ɖeka me, le esia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“


Ke nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la.


nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo le eme vam la, midze sii bena, egogo agbo la nu.


Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzo la, eyae Mawu lɔ̃na.


Eye Herodia lée de dɔme, eye wòle didim be, yeawui, ke mete ŋui o,


Wotrɔna gbɔna le fiẽ nɔa gbe tem abe avũwo ene, henɔa tsatsam le dua me.


Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne amea ɖe se nye gbe, eye woʋu ʋɔa la, míage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.


Azã la ɖo, ŋkeke la ɖe, nuƒlela makpɔ dzidzɔ o, eye nudzrala maxa nu o; elabena dɔmedzoe va woƒe amehawo katã dzi


Ame ɖeka koe nye sedela kple ʋɔnudrɔ̃la: Eyae nye amesi tea ŋu xɔa ame ɖe agbe, eye wògatea ŋu tsrɔ̃a ame. Ke wò la, ameka nènye hele ʋɔnu drɔ̃m hawòvi mahã?


Eyaŋuti migba dzi blewu, nɔvinyewo, halase Aƒetɔ la ƒe vavagbe. Kpɔ ɖa, agbledela lalaa anyigba dzi nuʋaʋã xɔasiwo, eye wògbɔa dzi blewu, halase esime ada kple kele dzana nɛ.


Nɔvinyewo, mitsɔ nyagblɔɖila, siwo ƒoa nu le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me la, ƒe fukpekpewo kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu wo miaƒe kpɔɖeŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite