Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 5:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 nena woanyae bena, amesi trɔa nuvɔ̃wɔla tsoa eƒe mɔtatra me la, laxɔ luʋɔ ɖe agbe tso ku me, eye wòatsyɔ nu nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 kakaɖedzi nenɔ mia si be ame sia ame si na nu vɔ̃ wɔla trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi la aɖe vɔ̃wɔla la tso ku me, eye woatsɔ eƒe nu vɔ̃ gbogboawo akee.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 5:20
18 Referans Kwoze  

Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.


Fuléle dea dzre aƒe, ke lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.


Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.


bene negbe ɖeko mana nye ŋutilãtɔwo aʋa ŋu, eye maxɔ wo dome ɖewo ɖe agbe.


Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse enye agbeti, eye nunyala xɔa dziwo na eɖokui.


Nɔvinyewo, ne mia dome amea de tre mɔ tso nyateƒe la gbɔ, eye amea de gatrɔe vɛ la,


emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃; ke ne nuvɔ̃ la tsi vɔ la, edzia ku.


Mezu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, bene asinye nasu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo dzi; amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome amea ɖewo kokoko.


Kesinɔnu menye viɖea ɖeke le dzikudogbe o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku me.


Dawid ƒe nufiameha. Woayra amesi wotsɔ eƒe dzidadawo kee, amesi ƒe nuvɔ̃wo dzi wotsyó nui.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.


Kesinɔnu madzɔmadzɔ menye viɖea ɖeke o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku; me.


Nye Paulo ŋutɔe tsɔ nye asi ŋlɔe, maxe fea; nyemelɔ̃ be, magblɔ na wò bena, wò ŋutɔ ɖokuiwò gɔ̃ hã ƒe fe nènyi le asinye o.


Yayratɔ kple kɔkɔetɔ enye amesi kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ la me; amesiawo dzi ku evelia mekpɔ ŋusẽa ɖeke ɖo o, ke woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka.


Amesi ɖia dziɖaɖa ɖe to me la, ele lɔlɔ̃ dim, ke amesi hea nya xoxo ɖe go la, klãa xɔlɔ̃wo dome.


Elabena esi xexeame metso ye ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, eyata edze Mawu ŋu be, yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ amesiwo axɔ ase la.


Eyata miɖe ɖiƒoƒo katã kple vɔɖinyenye geɖe fũ la ɖi, eye mitsɔ dɔmefafa xɔ nya, si wodo ɖe mia me, si ate ŋu aɖe mia luʋɔwo la.


Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewo nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite