Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 5:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eliya nye ame, eye nu venɛ abe míawo ene, eye wòɖo gbea ɖe ɖa, bena tsi nagadza o, eye tsi megadza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade sɔŋ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Eliya nye amegbetɔ abe míawo ke ene. Edo gbe ɖa vevie be tsi megadza o, eye tsi medza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 5:17
7 Referans Kwoze  

Eye Eliya, Tisbitɔ, si tso Gilead ƒe amedzrowo dome, gblɔ na Axab bena: Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe. Zãmu kple tsi madza le ƒe siawo me o, negbe nye koe agblɔe hafi!


Ke nyateƒe gblɔm mele na mi bena: Ahosi geɖewo le Israel le Eliya ƒe ŋkekewo me, esime wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade, eye dɔwuame gãa ɖe va anyigba la katã dzi;


Ŋusẽ le amesiawo si be, woatu dziƒo nu, bena tsi magadza le woƒe nyagblɔdiŋkekeawo me o, eye ŋusẽ le wo si ɖe tɔwo dzi, be woatrɔ wo woazu ʋu, eye be woatsɔ fuwɔame tsyo ƒomevi aƒo anyigba la zi geɖe, alesi wolɔ̃.


Esi eteƒe didi la, Yehowa ƒe gbe va Eliya gbɔ lɔ ƒe etɔna me bena: Yi ɖatsɔ ɖokuiwò fia Axab, eye mana tsi nadza ɖe anyigba dzi.


Ŋutsuwo, nukae nye esi wɔm miele? Miawo hã amegbetɔ, siwo nu vena la mienye abe miawo ke ene, eye miele nyanyuie la gblɔm fia mi, bena miatrɔ atso nenem yakanu siawo gbɔ ava Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ;


Ke Petro kɔe ɖe dzi gblɔ bena: Tsi tre, nye ŋutɔ hã ame menye.


Mawu megbe eƒe dukɔ, si wonyã ɖi la o. Alo mienyã nya, si ŋɔŋlɔ la gblɔ le Eliya ŋɔli, esime wòle tsitre le Mawu ƒe ŋku me, eye wòtso Israel nu la o bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite