Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 5:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ne mia dome amea de ƒe lãme gblẽ la, neyɔ hamemegãwo vɛ, ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye wòasi ami nɛ le Aƒetɔ ƒe ŋkɔa me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ame aɖe le dɔ lém le mia domea? Neyɔ hanunɔlawo ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 5:14
11 Referans Kwoze  

Eye wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ gedewo do go, ye wòsi ami na dɔléla geɖewo heda gbe le wo ŋu.


Eye wòva me bena, Publio fofo mlɔ anyi le ŋudza lém, eye wòle sisi ɖem, eye Paulo yi ɖe egbɔ, eye wòdo gbe ɖa hetsɔ eƒe asi ɖa ɖe edzi, eye wòyɔ dɔe.


Woalé dawo, eye ne wono nu wuame hã la, mele wo si ge o; woatsɔ woƒe asiwo aɖo dɔlélawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ.


Tete Naeman bi dzi hedzo gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nyea mebu be, ɖe wòle dodo ge ava gbɔnye, eye wòate ɖe ŋunye ayɔ Yehowa, eƒe Mawu ƒe ŋkɔ, eye woatso eƒe asi alili de teƒeawo, eye wòayɔ dɔ anyia hĩ!


Eyata megblẽ wò ɖe Kreta, bena naɖo nusiwo susɔ la teƒeteƒe, eye naɖo hamemegãwo le du sia du me, abe alesi mede se na wò la ene:


Eye esi wova Yerusalem la, hame la kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo; eye woka nusiwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo?


Eye esi wotia amegãwo na wo le ha sia ha me la, wodo gbe ɖa kple nutsitsiɖɔ, eye wotso wo ɖe Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la, si me.


Eye esi Petro nyã wo katã do go la, edze klo, eye wòdo gbe ɖa; eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ bena: Tabita, tsi tre! Eye eya la ʋu eƒe ŋkuwo, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi.


Eye woge ɖe eme hedo ʋɔa ɖe woa kple eve la nu, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa.


Tete wòdra ɖe ɖevi la dzi zi etɔ̃ heyɔ Yehowa gblɔ bena: Yehowa, nye Mawu, gbugbɔ ɖevi sia ƒe luʋɔ gava emee dzro!


Nusia wowɔ hã, eye wodoe ɖe amegãawo to Barnaba kple Saul si me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite