Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 4:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Midze si miaƒe nublanuitɔnyenye, eye mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Milé blanui, mifa konyi, eye mifa avi. Mina miaƒe nukoko nazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nazu blanuiléle.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 4:9
25 Referans Kwoze  

Woayra amesiwo le konyi fam la; elabena woawoe woafa akɔ na.


Veve le dzi me wotoa egbɔ koa nu; ke dzidzɔ sia ƒe nuwuwu nyea nuxaxa.


Baba na mi, amesiwo ƒe ƒodo yɔ; elabena dɔ awu mi. Baba na mi amesiwo le nu kom azɔ la, elabena miafa konyi, eye miafa avi.


Hafi woava bɔbɔm ɖe anyi la, metra mɔ, ke azɔ le melé ŋku ɖe wò nya ŋu.


ne naɖo ŋui, ŋukpe nalé wò, eye wò nu nade ga le ŋukpe ta, nenye be, metsɔ nusiwo katã nèwɔ la, ke wò, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Miaƒe sisilawo asi, eye woano towo dzi abe akpakpawo le agato me ene, eye wo katã woanɔ xɔxlɔ̃m le woƒe vodadawo la.


Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem.


Nye gakasaŋku do konyifagbe, eye nye dze ƒe ɖiɖi zu avigbe.


Woayra mi, amesiwo dɔ le mia wum azɔ la, elabena míaɖi ƒo. Woayra mi, amesiwo le avi fam azɔ la, elabena miako nu.


Míaƒe dzidzɔ nu tso, míaƒe ɣeɖuɖu zu nuxaxa.


Emegbe la ɖetugbiwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa aɖu ɣe akpɔ dzidzɔ; matrɔ woƒe nuxaxa wòazu dzidzɔ, mafa akɔ na wo, eye mado dzidzɔ na wo le woƒe konyifafa megbe;


Woanɔ avi dzi ava, eye woanɔ koko ƒom makplɔ wo vɛ; makplɔ wo alo ma dzɔdzɔe, si dzi womakli nu le o la dzi ayi toʋuwo toe; elabena fofo menye na Israel, eye Efrayim la, vinye ŋgɔgbea ye.


Megblɔ na nukoko be: adaʋae! eye na dzidzɔ be: nuka esia ya awɔ?


Enyo nam ŋutɔ be, wobɔbɔm ɖe anyi, ne masrɔ̃ wò ɖoɖowo.


Nye ŋkuwo le tsi kplɔm yoo abe tɔʋu ene, le esi womelé ŋku de wò sea ŋu o ta.


Tete anyigba dzikpɔla Nexemya kple nunɔla Ezra, amesi nye agbalẽfiala, kpakple Lewi-vi, siwo le eme ɖem na dukɔa la, gblɔ na dukɔ blibo la bena: Ŋkeke sia ŋu kɔ na Yehowa, mia Mawu la, migaxa nu o, eye migafa avi o! Elabena dukɔ blibo le avi fam, esime wose se la me nyawo.


Wogblɔ ne bena: Atsrɔ̃ ame vlo siawo ŋɔdzitɔe, eye wòatsɔ weingble la ade asi na agbledela bubu, siwo atsɔ kutsetsewo nɛ ɖe woƒe ɣeyiɣi nyuiwo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite