Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 4:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ke ena amenuveve geɖe mí. Esia ta mawunya gblɔ be, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.”

Gade chapit la Kopi




Yakobo 4:6
34 Referans Kwoze  

Eye amesi ke lado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi ke labɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.


Eɖua fewu le fewuɖulawo ŋu, ke evea ame bɔbɔɖeanyiwo ya nu.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.


Hafi ame nadze anyi la, eƒe dzi dana gbã; ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.


Elabena Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔgba.


Amegbetɔ ƒe dãda abɔbɔe ɖe anyi, ke amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe asi asu bubu dzi.


Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ me.


Elabena amesiame, si ado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.


Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe adegbeƒoƒo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ne Yehowa ɖeɖeko nanye gã le ŋkeke ma dzi.


Ne wole to yim la, ekema ãgblɔ be: Míva dzi! Exɔna na amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi.


Mele egblɔm na mi bena: Amesia la wotso afia nɛ, eye wòtre aƒemeyiyi na ame keme; elabena amesiame, si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi; ke amesi bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Etu asi ŋusẽtɔwo ƒu anyi tso fiazikpuiwo dzi, eye wòdo ame bɔbɔɖanyiwo ɖe dzi.


Yehowa-vɔvɔ̃ enye amehehe, si kplɔa ame dea nunya me; ɖokuibɔbɔ nye xoxo na bubu.


Eye esi wòɖo xaxa me la, eƒo, koko le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi vevie le fofoawo ƒe Mawu la ŋku me.


Miganɔ adegbe ƒom atraɖii o, eye nya vlo meganɔ dodom le mia nu o! Elabena nunyawo ƒe Mawu enye Yehowa, amesi ɖaa nuwɔwɔwo kpɔ na.


na wò dzi bɔbɔ bɔlɔbɔlɔ, eye nèbɔbɔ ɖokuiwò de anyi le Mawu ŋku me, le esi nèse nya, siwo wogblɔ de nɔƒe sia kple eme nɔlawo ŋuti megbe la; esi nèbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi le ŋkunye me, eye nèdze wò awu heta avi le ŋkunye me la, eyata Yehowa be, ye hã yesee.


Tete Xizkiya kple Yerusalemtɔwo bɔbɔ wo dokui le eƒe dada la ta, eye Yehowa ƒe dɔmedzoe meva wo dzi le Xizkiya ƒe agbenɔɣi o.


Elabena amesi ke nu le esi la, eya woana nui, eye woagbã go ne: ke amesi ke nu mele esi o la, nusi ke le esi la, woaxɔ eya hã le esi.


Ke mebɔbɔ eɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoa Manase va bɔbɔ eɖokui ene o; ke boŋ Amon sia na vodada la sɔ gbɔ ɖe edzi.


Fifi ko menyae bena, Yehowa kpe wu mawuwo katã; elabena etsɔ woawo ŋutɔ ƒe nu vlo wɔwɔ he toe na wo.


Megblẽ wò di vie ko, ke matsɔ nublanuikpɔkpɔ gã aƒo wò ƒu.


Midzi katukafuha na Yehowa, amesi le Zion, miɖe gbe ƒã ele nutsuwɔwɔwo le dukɔwo dome!


Eƒe gbedodoɖa kple alesi woɖo toe, eƒe nuvɔ̃wo katã kple eƒe nu tovo wɔwɔwo kpakple teƒe, siwo wòtu nuxeƒewo do, eye wòtsɔ Aserawo kple legbawo ɖo hafi va bɔbɔ eɖokui la, kpɔ ɖa, woŋlɔ wo ɖe nukpɔlawo ŋutinya me.


Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Aƒetɔ la ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite