Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 4:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ne miebia la, miaƒe asi mesua edzi o, elabe miebia kple susu vɔ̃ɖi, miebia nu siwo miawɔ yakayaka na mía ɖokuiwo.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 4:3
25 Referans Kwoze  

Eye dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.


eye nusianu, si míebiae la, míaxɔe atso esi me; elabena míeléa eƒe seawo me ɖe asi, eye miewɔa nusiwo dzea eŋu.


Afika aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ, siwo le mia dome la tsoa? Ɖe menye afima wotso, tso miaƒe nudzodzro, siwo wɔa aʋa le miaƒe ŋutinuwo me la me o mahã?


Emegbe woado ɣli ayɔ Yehowa, ke matɔ na wo o, eye wòaɣla ŋku me ɖe wo ɣemaɣl le woƒe nuwɔua vɔ̃ɖlwo ta.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa enye ŋunyɔ na Yehowa: ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


Amesi xe nu to me ɖe ame dahewo ƒe ɣlidodo la, eya hã ado ɣli, eye womesea o.


Wodo ɣli le ame vɔ̃ɖiwo ƒe dadaa ta, ke meɖo eŋu o.


Eyata alesi meyɔ wo wogbe esese la, nenema woayɔm, ke nyemasee o, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eye mede ŋkeke geɖea ɖeke o, ŋutsuvi ɖevitɔ la ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu, eye woʋu heyi anyigba didia ɖe dzi, eye afima wògblẽ eƒe nuwo le kple agbe baɖabaɖa nɔnɔ.


Ke Yesu gblɔ na wo bena: Mienya nusi biam miele o. Alo miate ŋu ano kplu, si no ge nye ŋutɔ malaa? Alo woade mawutsi ta na mi kple mawutsi, si woatsɔ ade ta na nye ŋuta mahã?


Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: Mienya nusi biam miele o. Alo miate ŋu ano kplu, si no ge malaa? Eye mawutsi, si woade ta nam la, wòadee ta na miawo hã mahã? Wogblɔ nɛ bena: Miate ŋui.


Ke wò la megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ta o, megaƒo koko, eye megado gbe ɖa ɖe wo ta o, elabena ne wodo ɣli yɔm le woƒe hiã me la, nyemaɖo to wo o.


Ŋunyɔ enye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa, aleke wòahanɔ, nenye ŋukpenanuwɔwɔ ta wohee vɛ ɖo?


Ekema woayɔm, eya nyematɔ o; woadim, ke womakpɔm o.


Ne wotsi nu dɔ la, nyemase woƒe konyifafa o, eye ne wosa numevɔ kple nuɖuvɔ la, madze ŋunye o; boŋ matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wòe.


Ena nye futɔwo trɔ ʋume ɖem, eye metsrɔ̃ nye ketɔwo.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi, esi me womaɖe le o, eye woaɖo ɣli nam, ke nyemaɖo towo o.


ke esi viwòŋutsuvi sia, si gblẽ wò nuwo kple nyɔnu wɔahasiwo la, va ko la, nèwu nyivi dami nɛ.


Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Esi nèbia nusia, eye mebia be, nanɔ agbe didie o, mebia kesinɔnu o, eye mèbia wò futɔwo ƒe ku o, ke boŋ nèbia nunya, be naŋɔ ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ me la,


Elabena amesiame, si le nu biam la, exɔna: eye amesi le nu dim la, ekpɔna; eye amesi le ʋɔa ƒom la, woʋunɛ nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite