Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 4:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke azɔ la miekana ɖe nu ŋu le miaƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo me. Kakaɖenuŋu sia katã la vɔ̃ wònye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Ke nu si miewɔna la nye dada kple ɖokuidodoɖedzi ƒuƒlu. Adegbeƒoƒo siawo tɔgbi katã nye nu vɔ̃,

Gade chapit la Kopi




Yakobo 4:16
11 Referans Kwoze  

Megaƒo adegbe ɖe etsɔ, si gbɔna ŋu o, elabena mènya nuka dzi ge etsɔ ala o.


Miaƒe adegbeƒoƒo menyo o. Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?


Eyata Mawu hã agbã wò aƒu anyi ɖikaa, alé wò, eye wòahe wò aƒu gbe tso agbadɔ me, eye wòaho wò kple ke tso agbagbeawo ƒe anyigba dzi. Sela.


Amesi doa nunana ŋugbe ƒuƒlu la, le abe tsie ɖo ya le ƒoƒom, gake tsi gbe dzadza ene.


Zi geɖe alesi wòdo eɖokui ɖe dzi, eye wòdze ha la, zi geɖe ma ke miwo fui, eye mina wòafa konyi; elabena egblɔ le eƒe dzi me bena: Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemegale konyi fa ge akpɔ o.


Ke ne ŋuʋaʋã vevi kple dzrehehe le mia dzi me la, migaƒo adegbe, eye migaka aʋatso ɖe nyateƒe la ŋuti o.


Eɖo ŋu ɖe wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu gblɔ bena: Amea ɖeke mele kpɔyem o. Wò nunya kple wò ayedzedze flu wò, nègblɔ le wò dzi me bena: Nye koe, ɖeke megali o!


Dawid ƒe nufiameha na henɔ la,


Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite