Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 4:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Gake mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; elabena nukae nye miaƒe agbe mahã? Elabena dzudzɔ, si dzena ɣeyiɣi kpuia ɖe, eye emegbe la megadzena o la, ke míenye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Nu ka ta? Elabena mienya nu si ava adzɔ etsɔ si gbɔna la gɔ̃ hã o. Nu ka miaƒe agbe nye? Miele abe afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe, eye wògabuna la ene.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 4:14
17 Referans Kwoze  

Elabena „ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃wo katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Gbe ƒuna, eye eƒe seƒoƒo yrɔna;


Yehowa, na manya nye nuwuwu kple alesi nye ŋkekewo ƒe dzidzeme le; na madze si ɣesiɣi nunye ava yi!


Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.


Megaɣla wò mo ɖem le nye xaxagbe o, ƒu to anyi ɖe ŋunye! Netsɔ, naɖo tom le gbesigbe meyɔ wò!


kesinɔtɔ la naƒo adegbe le eƒe bɔbɔdeanyi me; elabena enu ava yi abe gbe ƒe seƒoƒo ene.


Yehowa, ɣekaɣi naɣla ɖokuiwò ɖikaa ase ɖo, eye wò dɔmedzoe heliheli nano bibim abe dzo ene?


Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.


Wogbã nye nɔƒe, eye wòte ɖa le gbɔnye abe lãkplɔviwo ƒe agbadɔ ene. Meŋlɔ nye agbe, abe alesi avɔlɔ̃la wɔna ene; ètsom le avɔtsitsi ŋu, eye nèna wòvɔ nam le ŋkeke me, hafi zã va do.


Eɖoa ŋku edzi be, ŋutilã wonye, ƒuƒu, si yina, eye megatrɔna gbɔna o la, wonye.


Amegbetɔ le abe ƒuƒu ene, eye eƒe ŋkekewo le abe vɔvɔli, si va yina ene.


Megaƒo adegbe ɖe etsɔ, si gbɔna ŋu o, elabena mènya nuka dzi ge etsɔ ala o.


Eyata miɖe asi le amegbetɔ, si ƒe ŋɔti me gbɔgbɔ le la ƒe nya me, elabena nukata gɔ̃ woabui ɖo?


Eye fia la gblɔ na Barsilai bena: Yi kplim, eye nanɔ gbɔnye, makpɔ dziwò le Yerusalem!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite