Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 4:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ame ɖeka koe nye sedela kple ʋɔnudrɔ̃la: Eyae nye amesi tea ŋu xɔa ame ɖe agbe, eye wògatea ŋu tsrɔ̃a ame. Ke wò la, ameka nènye hele ʋɔnu drɔ̃m hawòvi mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Senala kple ʋɔnudrɔ̃la ɖeka koe li, ame si tea ŋu ɖea ame, eye wotsrɔ̃a ame hã. Ke wò la, ame ka nènye be nàdrɔ̃ ʋɔnu hawòvi?

Gade chapit la Kopi




Yakobo 4:12
11 Referans Kwoze  

Wò la, ameka nènye be, nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubu ƒe dɔla? Ye ŋutɔ ƒe aƒetɔ wòle tsitre na, alo wòdze anyi na; gake anɔ tsitre, elabena Mawu ate ŋu alée ɖe tsitre.


Eyata taflatsedodoa ɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke netsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke netsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.


Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.


Elabena Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe aʋafia, Yehowa enye míaƒe fia, eya aɖe mí.


Nɔviwo, migaɖu tse de mia nɔewo ŋuti o, bene womagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; kpɔ ɖa, ʋɔnudrɔ̃la la le tsitre ɖe ʋɔtru la nu.


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


Azɔ la migana miadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o, hafi midrɔ̃ ʋɔnu le nusia ŋuti boŋ bena, amea ɖeke nagatsɔ nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o.


Blewu, oo ame! Ameka nènye, wò amesi le nya hem kple Mawu la mahã? Ɖe numeme la lagblɔ na mela bena: Nukaŋuti nèmem ale mahã?


Ke mafia amesi miavɔ̃ la mi: Miva amesi, ne ewu ame, emegbe la ŋusẽ le esi be, wòatsɔe aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe me; ẽ, mele egblɔm na mi bena: Eyama miavɔ̃!


Amekae tsɔ nuƒoƒo, si nunyaa ɖeke mele eme o la, blu aɖaŋuɖoɖo mee?


Ke Nabal ɖo ŋu na Dawid ƒe dɔlawo gblɔ bena: Ameka nye Dawid, eye ameka nye Isai vi? Egbe siawo la dɔla geɖewo ɖe wole go dzem le woƒe aƒetɔwo gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite