Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Elabena mía dometɔ ɖe sia ɖe daa vo le mɔ geɖewo nu. Ne ame aɖe medaa vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame si de blibo, ale wòtea ŋu dea ga eƒe ŋutilã blibo la.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 3:2
29 Referans Kwoze  

Ne amea de bua eɖokui bena, mawusubɔla yenye, eye medea ga eƒe ade o, ke wòblea eƒe dzi la, nenem me sia ƒe subɔsubɔ enye dzodzro.


Amesi kpɔa eƒe nu dzi la, dzraa eƒe luʋɔ ɖo; ke amesi ke eƒe nuyiwo la, gbegblẽ aɖi kpee.


Elabena amesi le didim be, yealɔ̃ agbe, eye yeakpɔ ŋkeke nyuiwo la, nekpɔ eƒe aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple eƒe nuyiwo dzi, bene woagagblɔ alakpanya o;


Elabena wò nyawo woatsɔ atso afia na wò, eye wò nyawo woatsɔ abu fɔ wò.


Amekae le agbe dim, amesi lɔ̃a ŋkeke geɖe, be yeakpɔ dzɔ gbenyuie?


Amekae ate ŋu agblɔ be: Melólo nye dzi wòkɔ, eye medza tso nye nuvɔ̃wo me?


Elabena ame dzɔdzɔea ɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuyɔ o.


alesi woŋlɔ ɖi bena: „Ame dzɔdzɔea ɖeke meli o, ɖeka hɔ̃ meli o.


Ke dzidodo la nakpɔ eƒe dɔwɔwɔ blibo, bena mianye ame blibowo keŋkeŋ, eye naneke nagahiã mi o.


Ne wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò, — elabena amegbetɔa ɖeke megbea nuvɔ̃wɔwɔ o — eye nèɖo dɔmedzoe ɖe wo ŋu hetsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye woɖe aboyo wo yi woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, eɖanye didiƒe alo kpuiƒe o,


Elabena amesi ke alé se blibo la me ɖe asi, ke woada ɖeka dzi la, eda vo ɖe wo katã ŋuti.


Amea ɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe miaƒe vodadawo me.


hafi meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazɔ ame madzemadze o.


nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Epafra, amesi tso mia dome, si nye Kristo ƒe dɔla la, ɖuɖɔ mi ƒã; eyae nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.


amesi míawo míele gbe ƒã ɖem hele nu xlɔ̃m amesiame, eye míele nu fiam amesiame le nunya sia nunya me, bene miaɖo amesiame anyi blibo le Kristo me:


Ke ŋɔŋlɔ la tu nuwo katã nu ɖe nuvɔ̃ te, bene woatsɔ ŋugbedodo la tso Kristo dzixɔxɔse me na amesiwo xɔna sena la.


Eyata azɔ mekpɔ se sia bena, esime melɔ̃na bena, mawɔ nu nyui la, nuvɔ̃ la lé ɖe ŋutinye.


Ne wowɔ nuvɔ̃ de ŋuwò, — elabena amegbetɔa ɖeke megbea nuvɔ̃wɔwɔ o — eye nedo dɔmedzoe ɖe wo ŋu hetsɔ wo de asi na lu towo, eye woɖe aboyo wo yi woƒe anyigba dzi, eɖanye kpuiƒe alo didiƒe o,


Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu via ɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mía gɔme anyi.


Elabena ŋutilã la dzroa nu ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti, eye Gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋuti; elabena esiawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti, bene miagawɔ nusiwo mielɔ̃na o.


Dawid ƒe ha na henɔ Yedutun.


Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o, ke amesi kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.


Amesi dzraa eƒe nu kple aɖe ɖo la, dzraa eƒe agbe ɖo tso hiã me.


Dawo ƒe dzidzimewo! Aleke lawɔ mi, amesiwo vɔ̃ɖi la, miate ŋu agblɔ nya nyuiwo mahã? Elabena nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna.


eye nunɔla kpɔ bena, eƒe ŋutigbalẽ lé akpɔ la, ekema menye aklabi vɔ̃ɖie ƒo ɖe eŋu o; eŋu kɔ.


be nètrɔ wò dziku ɖe Mawu ŋu, eye wò nu le nyawo dudum le ƒoƒom ɖi?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite