Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Nu kema ke me yayra kple fiƒode doa go lena! Nɔvinyewo, medze bena, nusiawo nanɔ nenema o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Kafukafu kple fiƒode dona tso ame ƒe nu ɖeka ma ke me. Ke nɔvinyewo, le nyateƒe me la, mele be wòanɔ alea o.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 3:10
14 Referans Kwoze  

Miyra amesiwo ɖa mia yome la, miyra, eye migaƒo fi de o!


Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o; ke esia teƒe la miyra boŋ; elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, be mianyi yayra ƒe dome.


elabena míeganye ŋutilãmemewo. Elabena ŋkeke alesi ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ kple mamã le mia dome la, menye ŋutilãmemewo míenye, eye miezɔna le ŋutilã la nu o ɖe?


Eye wosrɔ̃a kuviawɔwɔ hã henɔa tsatsam tso aƒe me yi aƒe me; eye menye, kuvia ɖeɖeko wowɔna o, ke boŋ wonye nu kpoloe ƒolawo kple yakanuwɔlawo hã henɔa nya madzetowo gblɔm.


Woƒe tatɔwo drɔ̃a ʋɔnu le zãnunana ta, woƒe nunɔ-lawo fiaa nu ame le fetu ta, eye woƒe nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖl le ga ta; woziɔna ɖe Yehowa ŋu nɔa gbɔgblɔm be: Ɖe Yehowa mele mia dome oa? Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mele mia, dzi va ge o.


Tete Abimelex yɔ Abraham, eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Nuvɔ̃ ka gɔ̃ mewɔ de ŋuwò bena, nèhe dzɔgbevɔ̃e gã sia va nye ŋutɔ kple nye fiaɖuƒe la dzi mahã? Nusi womewɔna o la, eya nye esia nèwɔ ɖe ŋutinye.


Ke eɖo ŋu bena: Kpao, nɔvinye! Megagblẽm o, elabena womewɔna alea le Israel o! Megawɔ ŋukpenanu sia o!


Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, migana woable mi o:


Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minya esia: Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me;


Nɔvinyewo, migazu nufialawo taŋtaŋ o, esi mienyae bena, ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ wu kpɔ ge míala la ŋuti.


Eya ke míetsɔna ƒoa fi dea ame, siwo wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme me.


Ɖe vudo dzia tsi vivi kple tsi veve hetsoa do ɖeka ma ke me mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite