Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 2:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye ale wowu ŋɔŋlɔ, si gblɔ bena: „Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui nɛ dzɔdzɔenyenye la“ nu enye esi, eye wòyɔe be Mawu xɔlɔ̃.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Esia wɔ ɖe mawunya si gblɔ be, “Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ” la dzi, eye woyɔe be Mawu xɔlɔ̃.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 2:23
22 Referans Kwoze  

Eye wòxɔ Yehowa dzi se, eye wòbui nɛ dzɔdzɔenyenyee.


Ke wò, nye dɔla Israel, Yakob, amesi metia, xɔ̃nye Abraham ƒe ƒome,


Ɖe menye wò, mía Mawue, nyã anyigba sia dzi nɔlawo ɖa le wò dukɔ Israel ŋgɔ, eye nètsɔe na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo tegbee oa?


Abe alesi Abraham xa Mawu dzi se, eye wobui dzodzoenyenye nɛ ene.


Eye Yehowa ƒɔ nu kple Mose ŋku me kple ŋku me, abe alesi ame kple xɔlɔ̃a ƒoa nui ene; emegbe egatrɔna yia asaɖa la me. Ke eƒe kpeɖeŋutɔ Yosua. Nun vi, amesi nye eƒe subɔla la, medzona le agbadɔ la me o.


Mawu megbe eƒe dukɔ, si wonyã ɖi la o. Alo mienyã nya, si ŋɔŋlɔ la gblɔ le Eliya ŋɔli, esime wòle tsitre le Mawu ƒe ŋku me, eye wòtso Israel nu la o bena:


Ke ŋɔŋlɔ la tu nuwo katã nu ɖe nuvɔ̃ te, bene woatsɔ ŋugbedodo la tso Kristo dzixɔxɔse me na amesiwo xɔna sena la.


be wòatso na ŋutsu la le eya kple Mawu dome, kple amegbetɔvi la le eya kple xɔlɔ̃a dome.


Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ na Farao bena: „Esia ke ŋuti mefɔ wò ɖe tsitre, bene maɖe nye ŋusẽ ɖe go afia le ŋuwò, eye bene woaɖe gbe ƒã nye ŋkɔ ŋutinya le anyigba blibo la katã dzi.“


Eye wòde asi gbɔgblɔ me na wo bena: Egbe wowu ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe towo me.


Eye woklã adzodala eve hã kpe ɖe eŋuti, ɖeka le eƒe nuɖusi me, eye ɖeka le eƒe mia me.


Ɖe miexlẽ ŋɔŋlɔ sia hã kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe;


Eyata wòle ŋɔŋlɔ la me bena: „Kpɔ ɖa, meɖo dzogoedzikpe tiatia xɔasi anyi ɖe Zion, eye amesi ke xɔ edzi se la, ŋu mele ekpe ge o.“


Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me,


Ŋutsuwo kple nɔviwo, ele be, woawu ŋɔŋlɔ, si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ ɖi to Dawid nu la nu le Yuda, amesi zu mɔfiala na amesiwo lé Yesu la ŋuti.


Miekpɔ bena, wotsɔ dɔwɔwɔwo tso afia na ame, eye menye xɔse ɖeɖekoe o.


Azarya, Natan vi, le dɔdzikpɔlawo nu, eye Zabud, Natan vi, nye nunɔla kple fia xɔlɔ̃,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite