Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena amesi gblɔ bena: „Megawɔ ahasi o la,“ egblɔ hã bena: „Megawu ame o!“ Azɔ ne mèwɔ ahasi o, ke nèwu ame la, ètrɔ zu sedzidala.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 elabena ame si de se be, “Mègawɔ ahasi o” la, eya kee de se be, “Mègawu ame o.” Eya ta ne mèwɔ ahasi o, gake nèwu ame la, ènye sedzidala.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 2:11
11 Referans Kwoze  

Elabena nya, si woŋlɔ ɖi bena: „Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megabiã ŋu o;“ eye ne se bubua ɖe gali la, ƒe ta le nya sia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene!“


Enya seawo bena: Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megaɖi aʋatsoɖase o; bu fofowò kple dawò.


Enya seawo bena: „Megawɔ ahasi o. Megawu ame o. Megafi fi o. Megaɖi aʋatsoɖase o. Megaba ame o. Bu fofowò kple dawò.


Eye wòbena: Kawoe? Yesu gblɔ nɛ bena: Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o; Megaɖi aʋatsoɖase o.


Ne Israel-ha blibo la da ƒu, eye dukɔ la ƒe ŋku dzo le Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wowɔ nusi ŋu se le na wo,


Ne amegãa ɖe ɖe ŋu ɖi da Yehowa, eƒe Mawu, ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòdi fɔ,


Ƒo nu kple Israel-viwo be: Ne amea ɖe ɖe ŋu ɖi ɖa Yehowa ƒe seawo dometɔ ɖeka dzi, eye wòwɔ nusi ŋu se le na wo la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite