Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Tito 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke si le bometsitsi ƒe anukutsyɔtsyɔwo kple dzidzimenyawo kple dzrehehewo kpakple avuwɔwɔwo le sea ŋuti la nu; elabena womenyo na naneke o, eye wonye yakanuwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Mègade nu nyahehe siwo ku ɖe biabia siwo ŋu ŋuɖoɖo tututu aɖeke mele o kple mawunya ƒe akpa siwo ŋu ɖeklemiɖeɖe geɖe le la me o. Ɖe ɖokuiwò ɖa le nyahehe tso Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu me, elabena viɖe aɖeke mele nu sia tɔgbi ŋu o; nu gbegblẽ ko wòhena vɛ.

Gade chapit la Kopi




Tito 3:9
10 Referans Kwoze  

Ɖo ŋu nusiawo na wo, eye naɖi ɖase na wo le Aƒetɔ la ŋku me, bene womagatsɔ nya awɔ dzre, si me viɖea ɖeke mele o la o, ke boŋ woblua nyaselawo ƒe tame.


Ke gbe bometsitsi ƒe yakanukutsyɔtsyɔwo, elabena ènyae bena, wòhea dzre ko vɛ.


Ke nagbe yakagli makɔmakɔ, siwo nyagãwo tona; boŋ do vevie mawusosroɖa.


Ke si le dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo nu; elabena woayi dzi geɖe wu le mawumavɔ̃mavɔ̃ me,


bene womagaɖo to Yudatɔwo ƒe gliwo kple amesiwo trɔ tso nyateƒe gbɔ la ƒe sededeawo o.


Atsɔ nuƒoƒo, si mele ɖeke me o, kple nya, siwo maɖe ame o la, anɔ eɖokui ta ʋlimia?


Ke le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ŋuti la mienyae bena, sidzedze li na mi katã. Sidzedze la doa ame ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ la tua ame.


Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o.


Afika aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ, siwo le mia dome la tsoa? Ɖe menye afima wotso, tso miaƒe nudzodzro, siwo wɔa aʋa le miaƒe ŋutinuwo me la me o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite