Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Tito 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Nyateƒenya wònye, eye mele ɖiɖim be, wò la naka ɖe nusiawo dzi, bena amesiwo xɔ Mawu dzi se la, nado vevie anɔ dɔ nyui wɔwɔwo dzi. Nusiawo nyo, eye wonye viɖenu na amewo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Esia nye nyateƒenya si wògblɔ, eye medi be nàte gbe ɖe nu siawo dzi, ale be ame siwo tsɔ woƒe xɔse de Mawu me la, nakpɔ nyuie be wotsɔ wo ɖokuiwo de nu nyui wɔwɔ me blibo; nu siawo nyo ŋutɔ, eye wohea viɖe geɖe vanɛ na ame sia ame.

Gade chapit la Kopi




Tito 3:8
26 Referans Kwoze  

Ke na mia tɔwo hã nasrɔ̃ dɔ nyui wɔwɔwo dzinɔnɔ hena nu vevi, siwo hiã ame la, bene woagatsi ku matsematse o.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


amesi léa nyateƒenya la me ɖe asi le nufiafia la nu, bena wòate ŋu axlɔ̃ nu le nufiafia, si le blibo la me, eye woaka mo na ɖeklemiɖelawo.


Ɖo ŋu nusiawo na wo bena, woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖulowo kple ŋusẽwo, eye woaɖo to wo, eye woasu te hena do nyui sia do nyui wɔwɔ:


mi amesiwo to eyama dzi xɔ Mawu, amesi fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe nɛ la dzi se, ale bena miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi.


Nyateƒenya wònye, eye wòdze be, woaxɔe keŋ bena, Kristo Yesu va xexeame, nuvɔ̃wɔlawo ɖe ge, amesiwo dome menye gãtɔ le.


Ke amesi mele dɔ wɔm o, hafi wòxɔa amesi tso afia na ame mavɔ̃mawu la dzi sena la, wobua eƒe xɔse dzɔdzɔenyenye nɛ;


Ke Yesu do ɣli, eye wògblɔ bena: Amesi xɔa dzinye sena la, menye dzinye xɔm wòle le sesem o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la dzie.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.


Ɖe ŋutsu enye viɖenu na Mawua? Kpao, boŋ nunyala enye viɖenu na eya ŋutɔ ɖokui ko.


amesi menye viɖea ɖeke na wò tsã o; ke azɔ la enye viɖe nyui na wò kple nye hã;


Elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye womeɖo dzi ɖe eƒe xɔname ŋu o.


Aʋatsoɖasefo atsrɔ̃; ke amesi se nya kple to la, aƒo nu ɣesiaɣi.


Ke esi xɔse ƒe gbɔgbɔ ma ke le mía si la ŋuti, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Mexɔe se, eyata meƒo nu ɖo“ la; míawo hã míexɔna sena, eyata míegblɔa nya hã;


Woawo gblɔ nɛ bena: Aɖaʋa dzem nèle. Ke ekã ɖe edzi bena, ele me nenema. Gake woawo gblɔ bena: Eƒe mawudɔlae.


Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne woatso eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.


Eyata mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikekea ɖeke manɔmee.


amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome.


nusi ta mekpe nusiawo ƒe fu hã ɖo, ke ŋu mekpem o: elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma.


Le nuwo katã me la tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋu le do nyui wɔwɔwo me, megabaɖa nufiafia la o, lé ɖokuiwò nyuie,


eye míalé ŋku ɖe mia nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me,


eye wògblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me, eye nusi ke anyo la, mana mi. Eye woyi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite