Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Tito 3:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Amesiwo katã le gbɔnye la, ɖuɖɔ wò ƒã. Ɖuɖɔ amesiwo katã lɔ̃a mí le xɔse me la nam ƒã. Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Ame siwo katã le gbɔnye la do gbe na mi nyuie. Do gbe na ame siwo lɔ̃a mí le xɔse la me. Amenuveve nanɔ kpli mi katã.

Gade chapit la Kopi




Tito 3:15
14 Referans Kwoze  

Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã! Amen.


Ke sedede ƒe nuwuwu enye lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpaa ɖeke mele o la me;


Ɖuɖɔ, si nye Paulo metsɔ nye asi ŋlɔe la, enye si. Miɖo ŋu nye kɔsɔkɔsɔwo! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Hamemegã xoxo la ŋlɔ ɖo ɖe Gayo lɔlɔ̃tɔ, si melɔ̃na le nyateƒe me.


esi mesena le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ, si le asiwò hena Aƒetɔ Yesu kple ame kɔkɔewo katã la ŋuti,


Aƒetɔ Yesu Kristo nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ la! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!


ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo, vinye vavã le xɔse me: Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa, si tso Mawu, Fofo la, kple Kristo Yesu, mía Aƒetɔ gbɔ la, woana wò!


Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi! Nye lɔlɔ̃ nanɔ anyi kpli mi katã le Kristo Yesu me! Amen.


Eye ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele? Alo menye xexemeviwo hã wɔa nenema ke o ɖe?


Mia ŋutɔwo mienyae bena, asi siawo metsɔ wɔ dɔ heɖi nye ŋutɔ kple amesiwo kpe ɖe ŋutinye la ƒe nuhiahiãwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite