Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Tito 3:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Do mɔ sefiala Zena kple Apolo nyuie, bena naneke nagahiã wo o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Wɔ nu sia nu si nàte ŋui la be nàkpe ɖe Zenas, senyala la kple Apolo ŋu le woƒe mɔzɔzɔ me. Kpɔ egbɔ be wona nu sia nu si woahiã la wo.

Gade chapit la Kopi




Tito 3:13
15 Referans Kwoze  

Ke Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Apolo, Aleksandriatɔ tso dzodzo me, ŋutsu, si nya nuƒoƒo, eye wòsẽa ŋu le ŋɔŋlɔawo me la, va Efeso.


Eye wo dome ame ɖeka, si nye sefiala la, biae hele etem kpo bena:


amesiwo hã bu mí geɖe ŋutɔ, eye esi miele dzodzo ge la, wotso nusiwo le mia hiãm la na mí.


Eyata amea ɖeke magado vloe o! Ke miɖoe ɖa le ŋutifafa me boŋ, bene wòava gbɔnye, elabena mele eya kple nɔviawo lalam.


gbesigbe ke madze mo ayi Spania la, mava mia gbɔ; elabena mele mɔ kpɔm bena, ne mele afima mɔ tom la, mava kpo mi ɖa, eye miaɖom ɖa ayi afima, ne mia kpɔkpɔ naɖi ko nam ʋee hafi.


Eye wòva me bena, esi míewu ŋkekeawo nu vɔ la, miedzo, eye mieyi miaƒe mɔzɔzɔ la dzi, eye wo katã kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo ɖo mí ɖa, vaseɖe esime miedo go le dua me; eye míedze klo ɖe ƒuta hedo gbe ɖa;


Eye Yesu xa dzi gblo na sefialawo kple farisitɔwo bena: Woɖe mo be, woada gbe le Sabat dzi loo, alo womeɖe mɔ o mahã? Ke woawo la wozi kpi.


Baba na mi sefialawo! Elabena mietsɔ nunya ƒe safui la dzoe, mia ŋutɔwo mieyi ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme la, miexe mɔ na wo.


Ke sefialawo dometɔ ɖeka: xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Nufiala, esi nègblɔ esiawo la, èdzu miawo hã.


Eye kpɔ ɖa, sefialaa ɖe tsi tre le etem kpɔ gblɔ bena: Nufiala, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ dome mahã?


Ke farisitɔ kple sefiala, siwo mede mawutsi ta na o la, wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu numaɖinui na wo ɖokui.


Azɔ woawo la, esi hame la dɔ wo ɖa la, woto Foinike kple Samaria hele trɔ̃subɔlawo ƒe tɔtrɔŋutinya xlẽm fia. Eye wòzu dzidzɔ gã na nɔviawo katã.


Esime Apolo le Korinto la, eva me be, Paulo to kɔkɔƒenutowo me va Efeso, eye wòkpɔ nusrɔ̃laa ɖewo;


Ke le nɔvi Apolo ŋuti la, meɖe kuku nɛ ŋutɔ bena, eya kple nɔviawo nayi mia gbɔ, eye menye eƒe lɔlɔ̃nu kura be, yeava mia gbɔ fifi o, ke ne ekpɔ asinu nyui la, ava.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite