Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Tito 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒe me dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo, eye woabɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔ wo srɔ̃wo, bena woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Fia wo be woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒemedɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo kple ame siwo bɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo be ame aɖeke magblɔ nya tovo ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o.

Gade chapit la Kopi




Tito 2:5
22 Referans Kwoze  

Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe alesi wòdze le Aƒetɔ la me ene.


amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome.


Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me, alé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò.


Ke miawo hã mia dome ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene; ke nyanu la nasi srɔ̃a ɖa.


Eye nyɔnu-nusrɔ̃laa ɖe le Yope, amesi ŋkɔ nye Tabita, si gɔmee nye zi, eya la yɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonu, siwo wòwɔna.


Ame alesi nu le dɔlanyenye ƒe kɔkuti te la, nabu woa ŋutɔwo ƒe aƒetɔwo be, wodze bubu katã, bena woagagblɔ busunya de Mawu ƒe ŋkɔ kple nufiafia la ŋuti o.


Eƒe mo nyrã, eye wòɖe ku eɖokui, eye eƒe afɔwo gbe be, yewomatɔ ɖe eƒe me o.


Abe alesi wòle le ame kɔkɔewo ƒe hawo katã me ene la, miaƒe nyɔnuwo nazi ɖoɖoe le takpekpewo me, elabena womeɖe mɔ na wo bena, woaƒo nu o; ke woaɖo to boŋ, abe alesi se ta gblɔ ene.


Ke mele ɖiɖim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.


Elabena le miawo ŋuti la wogblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti le trɔ̃subɔlawo dome, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.


Eye Petro tsi tre, eye wòyi kpli wo. Eye esi wòva la, wokplɔe yi ɖe dziƒoxɔa me, eye ahosiawo katã le tsitre ɖe egbɔ le avi fam hele awutewui kple awu ʋlaya, siwo Zi tɔ, esime woa kpli wo wonɔ anyi la, fiam.


Mawu, ɣekaɣi ketɔ la anɔ vlo dom, eye futɔ la anɔ alɔme ɖem le wò ŋkɔ ŋu ɖikaa ase do?


Ke esi newɔ nusia, eye nena Yehowa ƒe futɔwo kpɔ fewuɖunu la, eyata ŋutsuvi, si wodzi na wò la, aku.


Eye wògblɔ nɛ bena: Afika srɔ̃wò Sara le? Eɖo ŋu bena: Ele agbadɔ me.


Azɔ la migana woagblɔ busunya ɖe miaƒe nu nyui la ŋuti o!:


bene woaxlɔ̃ nu ɖetugbiwo, ne woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite