Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 9:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 eye hã la menye Abraham ƒomewo katãe nye viwo o, hafi „le Isak me woayɔ ƒome ana wò“ boŋ:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Alo ame siwo katã tso Abraham ƒomea me lae nye Abraham ƒe viwo o, ke boŋ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, “woanya wò ƒome la to Isak kple eƒe dzidzimeviwo dzi.”

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 9:7
11 Referans Kwoze  

Eye Mawu gblɔ na Abraham bena: Megana nya sia nave wò le ŋutsuvi la kple wò kosi la ta o; ke boŋ ɖo to Sara le nusianu, si wodi tso gbɔwò la me, elabena Isak me wò dzidzime-viwo adzo tso.


amesi wogblɔ na be: „Le Isak me woayɔ ƒome a tsoe na wò;“


Ke amesi tso kosi me la, wodzii le ŋutilã la nu, eye amesi tso ablɔɖenyɔnu me la, wodzii to ŋugbedodo la me.


Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.


Azɔ mitse ku, siwo dze dzimetɔtrɔ, eye migade asi gbɔgblɔ me le mia ɖokui me bena: Abraham ye nye mía fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso kpe siawo me ke na Abraham.


Woɖo ŋu nɛ bena: Abraham ƒomeawo míenye, eye míenye amea ɖeke ƒe kluvi kpɔ o: aleke wɔ nagblɔ bena: Miazu ablɔɖeviwo mahã?


Eye wògbɔ bena: Gbeɖe, fofo Abraham; ke boŋ ne amea ɖe tso ame kukuwo dome yi wo gbɔ la, wòatrɔ le woƒe dziwo me.


eye migabu ne miagblɔ le mia ɖokui me bena: Abraham enye mia fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso keke kpe siawo me ke na Abraham.


Ke miawo la, nɔviwo, le Isak nu míenye ŋugbedodo la ƒe viwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite