Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 9:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke mele nenem bena, Mawu ƒe nya zu dzodzro o. Elabena menye amesiwo katã tso Israel me la, wonye Israeltɔwo o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ke mele eme be Mawu ƒe ŋugbedodowo zu dzodzro o. Elabena menye ame siwo katã tso Israel lae nye Israeltɔwo o.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 9:6
14 Referans Kwoze  

Eye ame alesinu zɔna ɖe mɔ sia nu teƒeteƒe la: Ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ ava wo amesiwo nye Mawu ƒe Israel la dzi!


Elabena ne amea ɖewo mewɔ nuteƒe o la, nukae? Alo ɖe woƒe nuteƒemawɔmawɔ aɖe Mawu ƒe nuteƒetɔnyenye ɖa mahã?


Yesu kpɔ Natanael gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ le eŋuti bena: Kpɔ ɖa, Israeltɔ vavãe, amesi me alakpa mele o.


Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa?


Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.


nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.


ne míenye nuteƒewɔlawo o la, eyama lanɔ anyi nuteƒewɔla; elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.


Ne eya amesiwo tà mawunya va ɖo la be mawuwo la, womate ŋu ada ŋɔŋlɔ la dzi o;


amesiwo nye Israeltɔwo, amesiwo to nye vinyenye la kple ŋutikɔkɔe la kple nubablawo kple senana la kple mawusubɔsubɔ la kpakple ŋugbedodoawo;


Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite