Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 9:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Ke Yesaya do ɣli ɖe Israel ŋuti bena: „Ne Israel-viwo ƒe xexlẽme asɔ gbɔ abe ƒutake ene la, woaɖe amesiwo susɔ la;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Ke Yesaya gblɔ tso Israeltɔwo ŋu be, “Togbɔ be wole abe ƒutake ene hã la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe akpɔ ɖeɖe.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 9:27
15 Referans Kwoze  

Ɖe menye Yehowa Zebaot ye kpɔtɔ ame ʋeea ɖewo ɖi na mí o la, anye ne esuso vie ko miele abe Sodom ene, eye míeɖi Gomora!


Ke ne miekaka ɖe anyigbawo dzi la, mana amesiwo si le yi nu la, nakpɔtɔ na mi ɖe dukɔwo dome!


Miɖe woƒe gliwo dzi, ne miagblẽ nu; ke menye gbidigbidi o! Miho woƒe weinkawo, elabena menye Yehowa tɔ wonye o.


eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Eye woava me le ɣemaɣi be, Aƒetɔ la ado eƒe asi ɖa zi evelia, ne wòaxɔ eƒe dukɔ mamlea, si kpɔtɔ ɖi la, aƒle tso Asur, Egipte, Patros, Kus, Elam, Sinear, Xamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.


Elabena alea wòanɔ le anyigba dzi le dukɔwo dome, abe alesi wogbea amititsetse kple alesi woxaa nu mlɔea, ne weinxaxa nu va yi ene.


Esia nye ŋutega, si Yesaya, Amoz vi la, kpo le Yuda kple Yerusalem ŋu le Yuda-fiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.


ɖe míagada wò seawo dzi, eye míado ƒome kple dukɔ nyɔŋuwoa? Ɖe màdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu, vaseɖe esime miatsrɔ̃ avɔ, eye amea ɖeke makpɔtɔ alo asi oa?


Azɔ Yehowa, mía Mawu, ve mía nu vie, ekpɔtɔ ame susɔea ɖewo ɖi na mi, eye wona agbadɔtsyoti mi le eƒe nɔƒe kɔkɔe la, ne mía Mawu nana míaƒe ŋku dzi nakɔ, eye wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe vie le miaƒe kluvinyenye me.


Amea ɖeke masi alo asusɔ le Yuda ƒe ame mamlea, siwo yi, be woaɖanye amedzro le Egipte-nyigba dzi la dome agbugbɔ ayi Yuda-nyigba, si le wo dzrom be, yewoagbugbɔ aɖanɔ afima la dzi o; elabena womelé gbugbɔ ge ayi o, negbe ame sisia ɖewo ko.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite