Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 9:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Yakob la melɔ̃, ke Esau la melé fu.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, “Melɔ̃ Yakob, ke Esau la, melé fui.”

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 9:13
9 Referans Kwoze  

Ne ŋutsua ɖe ɖe nyɔnu eve, eye wòlɔ ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, eye esi wòlɔ̃na kple esi melɔ̃na o la siaa dzi viwo nɛ, gake esi melɔ̃na o la tɔ nye eƒe ŋgɔgbeviŋutsu,


Eyome la egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Eye wògblɔ bena: Yehowa se bena, womelɔ̃a nye nya o; eyata wotso esia hã nam. Eye wòna ŋkɔe bena Simeon.


Ke esi Yehowa kpɔ bena, womelɔ̃a Lea ƒe nya o la, enu eƒe vidzidɔ, eye wòxe Raxel tɔ.


Amesi ke lɔ̃a eƒe agbe la, abui: eye amesi ke léa tu eƒe agbe le xexe sia me la, adzrae ɖo ɖi hena agbe mavɔ.


Ne amea ɖe va gbɔnye, eye melé fu fofoa kple dadaa kple srɔ̃a kple viawo kple nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo, ẽ, ye ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.


Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o.


Amesi vea nu le eƒe ameƒoti gbɔ la, léa fu via; ke amesi lɔ̃nɛ la, tsona ɖe tohehe ŋu bla.


Ɖe miexlẽ ŋɔŋlɔ sia hã kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite