Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 8:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Elabena menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

38 Elabena menyae keŋ be eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye gbɔgbɔ vɔ̃wo o; eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o,

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 8:38
20 Referans Kwoze  

eye nye la mena agbe mavɔ wo, eye womele tsɔtsrɔ̃ ge akpɔ o, eye amea ɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o.


Elabena ne míele agbe la, miele agbe na Aƒetɔ la, eye ne mieku la, mieku na Aƒetɔ la. Azɔ nenye míele agbe alo mieku la. Aƒetɔ la tɔ míenye.


nusi ta mekpe nusiawo ƒe fu hã ɖo, ke ŋu mekpem o: elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma.


amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwõ kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


Elabena wowɔ nuwo katã le eya ke me, nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi; nusiwo wokpɔna kple nusiwo womekpɔna o; eɖanye fiazikpuiwo o; alo aƒetɔnyenyewo o; eɖanye dziɖulanyenyewo o alo ŋusẽwo o: Wowɔ nuwo katã to eyama me, eye wowɔ wo hena eyama,


eye wòɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽwo ɖi, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖudzidzɔ ɖe wo dzi to me.


ɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye katã kpakple ŋkɔ sia ŋkɔ, si woyɔna la dzi, menye le ɣeyiɣi sia me ɖeɖeko o, hafi le ɣeyiɣi, si le vava ge la me hã,


Ke esi xɔse ƒe gbɔgbɔ ma ke le mía si la ŋuti, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Mexɔe se, eyata meƒo nu ɖo“ la; míawo hã míexɔna sena, eyata míegblɔa nya hã;


eye wòkpɔ kakaɖedzi blibo bena, nusi ke ŋugbe wòdo la, ate ŋu awɔe hã.


Eye esia menye nukunu o; elabena Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.


Le xɔse me amesiawo katã woku, eye woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o, ke wokpɔe, eye wodo ɖoaƒe nɛ le adzɔge, eye woʋu me be, yewonye amedzrowo kple nunɔlawo le anyigba la dzi.


Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.


Elabena mia dome amea ɖeke mele agbe na eɖokui o, eye amea ɖeke mekuna na eɖokui o.


emegbe la nuwuwu la ava, esime woatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu Fofoa, esime wòava aɖe amegãnyenye katã kple ŋusẽ katã kple dziɖuɖu katã ɖa la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite