Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 8:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Amekae atso Mawu ƒe ame tiatiawo nu mahã? Mawue nye afiatsola;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Ame kae ate ŋu atsɔ nya ɖe mí ame siwo Mawu tia na eɖokui la ŋu? Mawue nye afiatsola.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 8:33
19 Referans Kwoze  

Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!


Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu


Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli ɖom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã?


Elabena, nɔvi, siwo Mawu lɔ̃na la, mienya miaƒe tiatia la;


Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.


Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã.


le Mawu Fofo la ƒe nunyanyaɖi la nu le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ me hena toɖoɖo kple Yesu Kristo ƒe ʋuhehlẽ: Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi!


bena yeaɖe eƒe dzɔdzɔenyenye afia le ɣeyiɣi sia me, bene eya nanye dzɔdzɔetɔ kple amesi tsoa afia na amesi si Yesu dzixɔse le.


Ke esi ŋɔŋlɔ la kpɔ ɖi bena, Mawu tso afia na trɔ̃subɔlawo tso xɔse me la, eyaŋuti wògblɔ nyanyuie la ɖi na Abraham bena: „Wò me woayra trɔ̃subɔlawo katã le.“


Ɖasefo ŋutasẽlawo tsi tre, eye wole nusi nyemenya o la biamem.


Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo le Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe xɔse kple nyateƒe ƒe sidzedze, si le mawusosroɖa me la nu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite