Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 8:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ke nenema ke Gbɔgbɔ la hã dea míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi; elabena alesi ke míado gbe ɖa wòadze la, mienyae o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ tsɔa ŋeŋe, siwo manya gblɔ o la, xɔa mía nya ɖe akɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Nenema ke Gbɔgbɔ la kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Elabena míenyaa nu si ta míado gbe ɖa ɖo gɔ̃ hã o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa nya ɖe akɔ ɖe mía nu le ŋeŋe manyagblɔ aɖe me.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 8:26
33 Referans Kwoze  

Elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ mia Fofo ƒe Gbɔgbɔ lae nye amesi le nu ƒom le mia me?


Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta


Ke esi míenye viwo ŋuti la, Mawu dɔ Via ƒe Gbɔgbɔ, si le ɣli ɖom be; Aba, Fofo la, ɖo ɖe míaƒe dziwo me.


Eye nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me:


Elabena eyama ke me mi kpakple eve la katã míekpɔ mɔnu le Gbɔgbɔ ɖeka me la heyina Fofo la gbɔ.


Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo!


Mi nu vlo wɔlawo katã, mite da le gbɔnye, elabena Yehowa se nye avigbe la.


Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.


Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.


Ke ele na mi, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, miatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.


Eye le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Elabena mí amesiwo le agbadɔ me la, mieŋena, esi agba le mía kpem la ŋuti; elabena míele didim bena, woaɖe awu le mia ŋu o, ke boŋ bena, woaɖo awu na mi, bena agbe la nami nusi kuna la.


Wò Yehowa, èɖo to hiãtɔwo ƒe didi, èli ke woƒe dzi, eye nèƒu wò to anyi,


Elabena esia me mieŋena le hã, eye wòle mía dzrom bena, woatsɔ mía nɔƒe, si tso dziƒo la, ado na mí;


Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: Mienya nusi biam miele o. Alo miate ŋu ano kplu, si no ge malaa? Eye mawutsi, si woade ta nam la, wòadee ta na miawo hã mahã? Wogblɔ nɛ bena: Miate ŋui.


Nye dzi yrɔ, eye wòƒu abe gbe ene; elabena meŋlɔ aboloɖuɖu be.


Yehowa, ve nunya, elabena nu te ŋunye belibeli; da gbe le ŋunye, elabena ŋɔdzi lé nye ƒuwo!


amesi ate ŋu ave ame manyanuwo kple mɔtrelawo nu, esi gbɔdzɔgbɔdzɔ le eya ŋutɔ hã ŋuti la ta,


O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã?


De ƒe agbi mim, afɔɖoƒe meli o, mege ɖe tɔ ƒe gogloƒe, eye tsi ɖɔ va to dzinye.


Elabena ekpɔ nu tso eƒe kɔkɔƒe kɔkɔe la, Yehowa do mo ɖe anyigba dzi tso dziƒo,


To nusi míaɖagblɔ nɛ la, na mi! Elabena míate ŋu ahe nyaa ɖeke ayi eŋku mee o le míaƒe viviti la ta.


Ese nya ɣli, megaɖe wò to da te nye kokoƒoƒo ŋu nagbe akɔfata nam o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite