Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 8:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋuta ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Elabena nuwɔwɔ la le gbegblẽ me, nu si menye eƒe didi o, ke boŋ ame si he gbegblẽ sia vɛ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye kple mɔkpɔkpɔ,

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 8:20
14 Referans Kwoze  

Eye wòna ŋkɔe bena Noa, elabena egblɔ be: Ame sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple fuɖeɖewo me le anyigba, si Yehowa ƒo fi de la dzi.


Elabena mienyae bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.


Ɣekaɣi anyigba naxa nu ase ɖo, eye gbe naƒu le anyigba blibo la dzi le edzi nɔlawo ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ ta, lãwo kple xewo natsrɔ̃, le esi wole gbɔgblɔm be, makpɔ míaƒe nuwuwu o la ta?


Eyata anyigba axa nu, eye nu ati kɔ na edzinɔlawo katã, eye woatsrɔ̃ gbemelãwo, dziƒoxewo kple keke atsiaƒumelãwo ke hã.


Nyagblɔla be: Toflokowo ƒe tofloko, toflokowo ƒe toflokoe; nusianu enye tofloko!


Tete Mawu gblɔ na Noa bena: Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo kple anyigba siaa.


Lãwo le xɔxlɔ̃m, eye nyihawo le tsa glãla tsam, elabena gbeɖuƒea ɖeke meli na wo o; nu ti kɔ na alẽhawo hã.


Wona wòzu gbegbe, gbegbe le nu xam le ŋunye godoo; anyigba blibo la gblẽ, elabena mede dzigbɔ na amea ɖeke o.


Yehowa, na manya nye nuwuwu kple alesi nye ŋkekewo ƒe dzidzeme le; na madze si ɣesiɣi nunye ava yi!


Elabena woxɔ mí ɖe mɔkpɔkpɔ ŋu; ke mɔkpɔkpɔ, si kpɔa nu kple ŋku la, menye mɔkpɔkpɔ wònye o; elabena nusi ame kpɔna kple ŋku la, nukaŋuti wògale mo kpɔm nɛ mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite