Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 8:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 elabena to Yesu Kristo me la, Gbɔgbɔ si naa agbe la ɖem tso nu vɔ̃ kple ku ƒe se la si me.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 8:2
29 Referans Kwoze  

Elabena nuvɔ̃ maɖu fia ɖe mia dzi o, elabena miegale se la te o, ke boŋ amenuveve la te miele.


Ke Aƒetɔ la enye Gbɔgbɔ la, ke afisi Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.


Ke esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe la, wotsɔ mí wo dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwoe.


amesi hã wo mi miedze be, mianye nubabla yeye ƒe subɔlawo, menye agbalẽŋlɔdzesi tɔwo o, hafi Gbɔgbɔ tɔwo boŋ. Elabena agbalẽŋlɔdzesi la wua ame, ke Gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.


Nenema ke woŋlɔ ɖi bena: „Ame gbãtɔ, Adam la, zu luʋɔ gbagbe;“ Adam mamletɔ la zu gbɔgbɔ, si na agbe.


Eyata ne Vi ɖa wɔ mi ablɔɖeviwo la, ekema m anye ablɔɖeviwo vavã.


eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.


Nɔvinyewo, nenema ke miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, bene míazu ame bubu, si wofa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la to, bene míatse ku na Mawu.


Ke azɔ, esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe, eye gake wowɔ mi Mawu ƒe kluviwoe la, miekpɔ miaƒe kutsetse hena kɔkɔenyenye: ke nuwuwu la enye agbe mavɔ.


Gbɔgbɔ ta gbɔa agbe, ŋutilã menyo na naneke o; nya, siwo megblɔ na mi la, Gbɔgbɔ kple agbe wonye.


ke amesi ke lano tsi, si nye manae ƒe ɖe la, tsikɔ megale eya wu ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me; elabena tsi, si nye manae la, latrɔ azu tsivudo le eme, esi anɔ dzidzim ayi ɖe agbe mavɔ me.


Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Ɖe nènya Mawu ƒe nunana la kple amesi nye amesi gblɔ na wò bena: Na ɖem mano la, ne wò boŋ àbiae, eye wòana agbetsi wò.


Ablɔɖenyenye ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo. Eyaŋuti minɔ tsitre sesĩe, eye migana woade kluvinyenye ƒe kɔkuti ko na mi o!


Ke nye la meto se la me ku na se la, bene manɔ agbe na Mawu. Mía kple Kristo woklã ɖe atitsoga ŋu.


bene alesi ke nuvɔ̃ la ɖu fia ɖe ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fía to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ dzi.


Eyata azɔ mekpɔ se sia bena, esime melɔ̃na bena, mawɔ nu nyui la, nuvɔ̃ la lé ɖe ŋutinye.


Mawu, wɔ dzi dzadzɛa ɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!


Eye wòfia agbetsitɔsisia ɖe, si le dzo sim abe kristalo ene, hele dodom tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui me le eƒe ablɔ la titina lam.


Azɔ la, afika adegbeƒoƒo le mahã? Woɖee ɖe aga. To se ka ƒomevi mea? Ɖe dɔwɔwɔwo toe loo? Gbeɖe! Hafi to xɔse ƒe se la me boŋ.


Eye ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe la agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe wo me, eye wotsi tre ɖe woƒe afɔwo dzi, eye vɔvɔ̃ gãa ɖe va dze amesiwo kpɔ wo la dzi.


ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.


Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu


Miɖuɖɔ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, nam ƒã;


Mitso mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale míawu Kristo ƒe se la nu keŋ.


Ke amesi kpɔ se blibo, si nye ablɔɖese la me, eye wònɔ edzi la, eya menye nyasela, si ŋlɔa nu be o, ke boŋ dɔ ƒe wɔla, eye woayra eyama le eƒe nuwɔwɔ me.


Ne woɖe zɔ la, tasiaɖamfɔawo hã ɖea zɔ, ne wòtɔ la, wotɔna, eye ne wokɔ wo ɖokui tso anyigba la, woawo hã kɔa wo ɖokui dzi; elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le tasiaɖamfɔawo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite