Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 7:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ, la dzi! Eyata azɔ nye ɖeka ma ke metsɔa nyasã la subɔa Mawu ƒe se la, ke metsɔa ŋutilã la subɔa nuvɔ̃ ƒe se lae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Meda akpe na Mawu be eɖem to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi. Eya ta azɔ la, menye kluvi na Mawu ƒe se la le nye susu me, ke menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la le ŋutilã nu.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 7:25
20 Referans Kwoze  

Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.


eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


Mi dziƒowo, mitso aseye, anyigba, kpo dzidzɔ, eye mi towo, mido aƒa; elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòkpɔ nublanui na eƒe hiãtɔwo.


Ke woada akpe na Mawu, si na dziɖuɖu mi to mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzi la!


Ke woada akpe na Mawu bena, míenye nuvɔ̃ ƒe kluviwo tsã, ke azɔ la tso dzi me mieɖoa to nufiafia ƒe nɔnɔme, si wotsɔ mi de asi na la.


Elabena nuvɔ̃ maɖu fia ɖe mia dzi o, elabena miegale se la te o, ke boŋ amenuveve la te miele.


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.


Woada akpe na Mawu le eƒe nunana manyagblɔ la ŋuti!


Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.


ne nagblɔ na gatɔwo be: Mido! eye na amesiwo le viviti me la be: Miva kekeli nu! Woaɖu gbe le mɔ to, eye woƒe gbeɖuƒe anɔ togbɛ ƒeƒlewo katã ta me.


Ɣemaɣi la àgblɔ bena: Mekafu wò, Yehowa, elabena edo dɔmedzoe ɖe ŋunye, ke wò dɔmedzoe nu fa, eye nève nunye.


Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.


eye mida akpe na Mawu, Fofo la, ɖaahe le nuwo katã ŋuti le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me,


Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite