Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 7:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 O, nye nu wɔ nublanui ŋutɔ! Ame kae aɖem tso ŋutilã si kplɔm yina ɖe ku mee la si me?

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 7:24
36 Referans Kwoze  

esi mienyã esia bena, woklã miaƒe ame xoxo la ɖe atitsoga ŋu kplii, bene woaɖe nuvɔ̃ŋutilã ɖa, bene míagasubɔ nuvɔ̃ akpa o.


Eye Aƒetɔ la aɖem le nuwɔwɔ vɔ̃wo katã me, eye wòaxɔm heyi ɖe eƒe dziƒofiaɖuƒe la me; eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si.


Elabena ekpɔ nu tso eƒe kɔkɔƒe kɔkɔe la, Yehowa do mo ɖe anyigba dzi tso dziƒo,


Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.


eye woade amesiwo katã nɔ kluvinyenye me to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbenɔɣiwo katã me la.


Ke nenema ke Gbɔgbɔ la hã dea míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi; elabena alesi ke míado gbe ɖa wòadze la, mienyae o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ tsɔa ŋeŋe, siwo manya gblɔ o la, xɔa mía nya ɖe akɔ.


elabena ne mianɔ agbe le ŋutilã nu la, miele kuku ge; ke ne mietsɔ Gbɔgbɔ wu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo la, miakpɔ agbe.


Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã,


Elabena aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔa ɖeke meli na o la.


amesi me wotso aʋa na mi le hã kple aʋatsotso, si menye asi wotsɔ tsoe o, to ŋutilã ƒe ame blibo la ƒe ɖeɖeɖa me le Kristo ƒe aʋatsotso me,


Woayra amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wo wum ta; elabena woawoe aɖi ƒo.


Agakpɔ nublanui na mi, àxɔ aɖi le miaƒe vodadawo si, eye wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe.


Wò ɖoɖowo yome didi ɣesiaɣi na nye luʋɔ gbã gudugudu.


le gbɔgblɔm be: Mawu gblẽe ɖi, miti eyome, eye milée, elabena xɔnametɔa ɖeke meli o!


Elabena ŋkuɖoɖo dziwò meli le ku me o, eye ameka akafu wò le tsiẽƒe!


eye amea ɖe alo wò dukɔ Israel blibo la dze si fuɖename, si le eƒe dzi me, eye wòdo gbe ɖa heƒo koko, eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe xɔ sia dzi la,


Woayra amesiwo le konyi fam la; elabena woawoe woafa akɔ na.


Eye Yehowa gblɔ ne bena: Yi naɖatsa le Yerusalem dua me, eye made dzesi ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti la.


Metra abe alẽ bubu ene; di wò dɔla, elabena nye ŋku medzo le wò seawo dzi o.


Hiã kple xaxa dzɔ de dzinye, ke wò seawo nye nye dzidzɔ.


Meke nu de te, eye nye veme ƒu, elabena wò seawo le dzroyem.


Wobum ɖe amesiwo yi aʋli me le dome, eye mele abe ŋutsu gbɔdzɔgbɔdzɔ ene.


Yehowa, megaka mo nam le wò dɔmedzoe me o, eye megahe to nam le wò dziku me o!


Gake menye eya ɖeɖekoe o, hafi miawo hãe, mi amesiwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, miawo hã miele ŋeŋem le mía me hele vinyenye, si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖe la lalam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite