Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 6:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena ne míezu ɖeka kplii hena sɔsɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Eya ta ne míezu ɖeka kplii, eye míesɔ kplii le eƒe ku me la, ekema míasɔ kplii le eƒe tsitretsitsi hã me.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 6:5
12 Referans Kwoze  

eye woɖi mi kpakplii le mawutsidedetaname me, amesi me wofɔ mi ɖe tsitre hã le to Mawu, si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ dzixɔse la me.


Ɖaasi míetsɔa Yesu ƒe ku de mía ŋutilã ŋu nɔa tsatsami, bene Yesu ƒe agbe hã nado ɖe mía ŋutilã ŋu.


Azɔ ne wofɔ mia kple Kristo ɖe tsitre la, ekema midi nusiwo le dziƒo, afisi Kristo bɔbɔ nɔ anyi ɖo le Mawu ƒe nuɖusi me.


Eye wòxɔ edzi gblɔ bena: Ati sia ati, si Fofonye, si le dziƒo la, medo o la, woahoe.


Weinka nyuitɔ tso ka vavãtɔwo dome nenye metsɔ do, ke aleke wɔ nètrɔ zu nuka ƒe abɔwo nam?


Edzobo eme, eɖe kpewo le eme, eye wòdo weinka nyuitɔwo ɖe eme, etu xɔ tsrala ɖe etitina, ekpa weinfiãnu hã da ɖe eme hele mɔ kpɔm be, atse weintsetsewo; ke etse ʋukatsetsewo.


Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene, eye wòade dzi abe sederti le Libanon dzi ene.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena, ne bliku la mege ɖe anyigba me, eye woku o la, ekema eya ɖeka tsia anyi; ke ne eku la, etsea ku geɖe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite