Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 6:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke azɔ, esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe, eye gake wowɔ mi Mawu ƒe kluviwoe la, miekpɔ miaƒe kutsetse hena kɔkɔenyenye: ke nuwuwu la enye agbe mavɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Ke azɔ esi woxɔ mi tso nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu Mawu ƒe kluviwo la, miekpɔa viɖe hena kɔkɔenyenye; ke nuwuwu la nye agbe mavɔ.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 6:22
40 Referans Kwoze  

abe ablɔɖeviwo ene, eye menye abe amesiwo wɔa ablɔɖenyenye la ŋuti dɔ be, wòanye vɔɖinyenye ƒe nutsyɔnu la ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe dɔlawo ene.


Ke esi woxɔ mi tso nuvɔ̃ si hewɔ ablɔɖeviwoe la, wotsɔ mí wo dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwoe.


Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si.


eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.


Elabena, nɔviwo, woyɔ mi va ablɔɖenyenye gbɔ; ɖekoe ablɔɖenyenye la naganye mɔnunana ŋutilã o, ke boŋ misubɔ mia nɔewo le lɔlɔ̃ me!


Elabena amesi woyɔ wònye kluvi le Aƒetɔ la me la, enye Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, nenema ke amesi woyɔ wònye ablɔɖevi la, enye Kristo ƒe kluvi.


esime miexɔa miaƒe xɔse ƒe nuwuwu, si nye miaƒe luʋɔwo ɖeɖe.


Ke azɔ la, ɖe megale nu ƒom, bena wòanyo amewo ŋu loo, alo Mawu ŋua? Alo ɖe mele didim bena, madze amewo ŋua? Ɖe megale amewo ŋu dzem la, anye ne nyemeganye Kristo ƒe dɔla o.


Elabena nuvɔ̃ maɖu fia ɖe mia dzi o, elabena miegale se la te o, ke boŋ amenuveve la te miele.


Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!


Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye,


Nɔvinyewo, nenema ke miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, bene míazu ame bubu, si wofa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la to, bene míatse ku na Mawu.


Ekema kutsetse kae no mia si le ɣemaɣi mahã? Kutsetse, siwo kpea ŋu na mi azɔ; elabena nu kemawo ƒe nuwuwu enye ku.


Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.


Tete Nehukadnezar te ɖe kpodzo bibi la ŋu hexɔ edzi gblɔ bena: Sadrax, Mesax kple Abed-Nego, mi dziƒoʋĩtɔ la viwo, mido va! Enumake Sadrax, Mesax kple Abed-Nego wodo tso dzoa me.


Le wò amenuveve la ta gblẽ nye futɔwo, eye natsrɔ̃ amesiwo katã lé fu nye luʋɔ, elabena wò dɔla menye.


Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo le Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe xɔse kple nyateƒe ƒe sidzedze, si le mawusosroɖa me la nu,


bene miazu alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia do nyui wɔwɔ me,


Menye be, mele nane dim o, ke boŋ mele didim bena, kutsetse nasɔ gbɔ ɖe edzi na miaƒe akɔnta.


bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, nayɔ mi fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.


Mizɔ abe kekeliviwo ene! Elabena kekeli ƒe kutsetse la le dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe katã me.


Ke Aƒetɔ la enye Gbɔgbɔ la, ke afisi Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.


Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ, la dzi! Eyata azɔ nye ɖeka ma ke metsɔa nyasã la subɔa Mawu ƒe se la, ke metsɔa ŋutilã la subɔa nuvɔ̃ ƒe se lae.


Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.


Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu.


Amesi ŋea nu la, kpɔa fetu, eye wòƒoa kutsetse nu ƒu ɖe agbe mavɔ me, bena amesi ƒã nu kple amesi ŋe nu la, siaa nakpɔ dzidzɔ.


Eye amesiame, si ke gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi le nye ŋkɔ ŋuti la, elaxɔ teƒeɖoɖo geɖe, eye anyi agbe mavɔ dome.


Tete ame dzɔdzɔeawo laklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me Amesi to senu ti nɛ la, nesee.


Azɔ la sigbe alesi woƒoa gbe wuwluiwo nu ƒu, eye wotɔa dzo wo la, nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu.


Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me, eye woƒo se ɖe mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo.


Yehowa gblɔ na Satana be: Elé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Elabena enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, eye amea ɖeke mede enu le anyigba dzi ti.


Ameka ate ŋu axlẽ Yakob ƒe ke, eye ameka axlẽ Israel ƒe akpa enelia? Maku abe ame dzɔdzɔewo ene, eye nye nuwuwu nanɔ abe wo tɔ ene!


Ale miagblɔ na Yosef enye si: Meɖe kuku, tsɔ nɔviwòwo ƒe nuvɔ̃ kple woƒe vodada ke wo; elabena wowɔ vɔ ɖe ŋuwò. Eyata míeɖe kuku, tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, elabena miawo hã míesubɔa fofowò ƒe Mawu la. Tete Yosef fa avi le nya sia ŋuti.


Eye amegã xoxoawo dometɔ ɖeka ɖo ŋu gblɔ nam bena: Amekawoe nye esiawo do awu ʋlaya ɣiwo, eye afika wotso mahã?


Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, do gbe na ƒome wuieve, siwo ka hlẽ la.


Eye fia la fɔ ŋdi kanya, esime agu dze, eye wòɖe abla yi dzatawo ƒe do la gbɔ.


Kpɔ nye luʋɔ ta, elabena ame kɔkɔe menye; nye Mawu, xɔ na wò dɔla, si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la!


Epafra, amesi tso mia dome, si nye Kristo ƒe dɔla la, ɖuɖɔ mi ƒã; eyae nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.


Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite